Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 9:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Elabena afisi megbenyagbɔgblɔɖi le la, ele vevie be, amesi gblɔe ɖi la, naku hafi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehiã be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi,

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 9:16
8 Referans Kwoze  

Elabena amesi ke alé se blibo la me ɖe asi, ke woada ɖeka dzi la, eda vo ɖe wo katã ŋuti.


Elabena alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la;


Eye le esia ta wònye nubabla yeye ƒe avuléla, bena le esi wòku le xoxo tso vodada, siwo le nubabla gbãtɔ me ŋuti ta la, amesiwo woyɔ la, naxa domenyinyi mavɔ ƒe ŋugbedodo.


Elabena amewo ƒe ku ɖoa kpe megbenyagbɔgblɔɖi dzi; elabena ŋkeke alesi amesi gblɔe ɖi la, gale agbe la, ŋusẽa ɖeke menoa eme o.


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite