Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 9:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Azɔ la mawusubɔsubɔ ƒe nuɖoanyiwo kple anyigba dzi kɔkɔeƒe li na nubabla gbãtɔ hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ, eye wotu anyigba dzi kɔkɔeƒe hã.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 9:1
14 Referans Kwoze  

Eye woawɔ nɔƒe kɔkɔe nam, bena manɔ wo dome.


amesi nye kɔkɔeƒe kple agbadɔ vavã, si Mawu ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la, ƒe subɔla.


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, bena miagawɔ kɔnu gbegblẽ, siwo wowɔ le mia ŋgɔ la, ahado ŋunyɔ mia ɖokui o Nyee Yehowa, mia Mawu!


Woalé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu bena womagagblẽ kɔ ɖo, eye nuvɔ̃ nanɔ wo dzi woaku o. Nyee nye Yehowa, si kɔ wo ŋu!


Elabena ɖe vodada mele nubabla gbãtɔ ma ŋu o la, anye ne womedi nɔƒe na evelia o.


Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.


Eye ne woƒe nuwɔnawo katã kpe ŋu na wo la, ekema ɖe xɔ la ƒe nɔnɔme kple etutume, eƒe mɔnuwo kple ʋɔtruwo, eƒe nɔnɔmewo katã, eƒe ɖoɖowo katã kple sewo katã fia wo, eye naŋlɔ wo le wo ŋku me, ne woadzra eƒe nɔnɔmewo katã kple eƒe ɖoɖowo katã ɖo, eye woawɔ wo dzi.


Womagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã ƒua ɖeke hã o. Woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la ɖe ɖoɖo, siwo katã le eŋu la nu.


Le esime wògblɔ be: „Nu yeye“ la, ena gbãtɔ do xoxo; ke nusi ɖo xoxo, eye wòtsi ŋutɔ la, te ɖe gbegblẽ ŋu.


Eye woa kple eve la katã wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoa wo katã nu mo makamakae.


amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite