Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 8:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 menye ɖe nu, si mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu hekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi la nu o, elabena woawo menɔ nye nubabla me o, eye nye hã nyemele be na wo o, Yehowa ye gblɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu, kplɔ wo do goe le Egiptenyigba la ene o, elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o, eya ta nye hã metrɔ megbe de wo. Aƒetɔ lae gblɔe.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 8:9
44 Referans Kwoze  

Manɔ abe nusi mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, nubabla, si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe;


Nusiawo nye lododo; elabena esiawo nye nubabla eveawo. Ɖeka tso Sinai-to la dzi, si dzia vi hena kluvinyenye, esia nye Hagar;


Eye esi wòlé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu la, ekplɔe do go tso du la me, eye esi wòɖe ta ɖe ŋku dzi nɛ, eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo edzi la, ebiae bena: Ele nane kpɔma?


Eye azɔ la kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe asi ava dziwò, eye wò ŋku agba, eye magakpɔ ɣe o vaseɖe ɣeyiɣia ɖe dzi. Eye enumake afu kple viviti dze edzi, eye wòle asi tsam le amesi alé eƒe alɔnu akplɔe la dim.


Tete la Saul tsi tre tso anyigba; ke esi wòdu ŋku la, mekpɔ amea ɖeke o, eye wòlé eƒe alɔnu, eye wokplɔe yi Damasko.


Eye nusi miagawɔ evevea la, enye si: Miatsɔ aɖatsi, avifafa kple hũɖeɖe anyẽ atsyɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la, elabena megatrɔna ɖe mia ŋu o, eye mexɔa nusi dzea eŋu la, tso mia si me o.


Elabena ne miesa numevɔ kple nuɖuvɔ nam hã la, womadze ŋunye o, eye nyemanyẽ: kɔ akpɔ miaƒe nyivi damiwo ƒe akpedavɔsawo o.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nèdo vlo atam la, eye netu nubabla la, eye mewɔ na wò, abe alesi nèwɔ ene hã la,


Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ be, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo; mekeke nye aʋala ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò ama, meka atam na wò, eye mebia nu kpli wò nèzu tɔnye; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Ameka nye ekem tso gbe me gbɔna heziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu? Atɔtɔŋutiti le menyɔ wò le; afima dawò se veve dzi wò ɖo, afima nɔwò lé ku dzi wò ɖo.


Eye wòkplɔ eƒe dukɔ la le dzidzɔ me kple eƒe ame dadawo le aseyetsotso me.


Wote ɖe megbe, eye womeɖi anukware o abe wo fofowo ke ene, woƒo asa abe dati doagblɔ ene.


Wò mɔ le atsiaƒuwo me, wò toƒe le tɔ geɖewo me eye womedze si wò afɔʋeewo o.


Kpɔ ɖa, Mawu medoa vlo mawuvɔ̃lawo o, eye meléa nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi o.


eye woyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na mawu, siwo womenya o, eye metsɔ wo na wo o ŋuti la,


ne wòaɖo wò egbe nanye eƒe dukɔ, eye eya nanye wò Mawu, abe alesi wòdo ŋugbe na wò kple alesi wòka atam na fofowò Abraham, Isak kple Yakob la ene.


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Miekpɔ nusi Yehowa wo le mia ŋku me ɖe Farao kple eƒe dɔlawo kpakple eƒe dukɔ blibo la ŋu le Egipte-nyigba dzi,


Eɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, mebia nu kpli wò le wò dukɔ blibo la ŋku me, eye mawɔ nukunu, siwo womewɔ le anyigba blibo la dzi kple dukɔwo katã dome kpɔ o la: eye dukɔ blibo, si dome nèle la, akpɔ Yehowa ƒe nukunuwo, elabena nusi mawɔ kpli wò la, adzi ŋɔ.


Ke esi wòle tɔtrɔm la, ŋutsuawo lé eya kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu hekplɔ wo do goe, eye woɖe asi le wo ŋu ɖe du la godo; elabena Yehowa ve woawo nu.


Elabena nye Yehowa, wò Mawu, amesi le gbɔgblɔm na wò be, megavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.


Yehowa ƒe adãmo kako wo hlẽ, magaɖe ŋku ɖe wo ŋu azɔ o. Womebu nunɔiawo o, eye womeve amegã ɖeɖiwo nu o.


Vi, siwo katã wòdzi la dometɔa ɖeke mekpɔe o, eye vi, siwo katã wònyi wotsi la dometɔa ɖeke melé eƒe alɔnu o.


Wote ɖa enumake le mɔ, si meɖo na wo la dzi, wokɔ nyivi na wo ɖokui, eye wode ta agu nɛ hesa vɔ nɛ gblɔ bena: Israel, esia enye wò mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba la dzi.


Amesia kplɔ wo do goe, eye wòwɔ nukunuwo kple dzesiwo le Egipte-nyigba dzi kple Ƒudzie la nu kpakple gbedzi ƒe blane sɔŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite