Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena eka ŋku me na wo gblɔ be: „Kpɔ ɖa, Yehowa gblɔ bena: Ŋkekewo li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ke Mawu ŋutɔ kpɔ vodada le eƒe dukɔ la ŋu, eye wògblɔ be, “Aƒetɔ la be ŋkeke li gbɔna esi dzi mabla nu yeye kple Israel kple Yuda ƒe aƒewo.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 8:8
25 Referans Kwoze  

kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.


Mabla nu mavɔ kpli wo, ale be nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o. Made ŋunye vɔvɔ̃ woƒe dzi me, be womagate ɖa le ŋunye o.


Eye le esia ta wònye nubabla yeye ƒe avuléla, bena le esi wòku le xoxo tso vodada, siwo le nubabla gbãtɔ me ŋuti ta la, amesiwo woyɔ la, naxa domenyinyi mavɔ ƒe ŋugbedodo.


amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.


Nenema ke wòtsɔ kplu le nuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: „Esiae nye nubabla yeye ƒe kplu le nye ʋu me; miwo esia, zi alesi mianoe la, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“


Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si woka ɖe anyi le mia ta.


Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, nubabla mavɔ wòanye na wo, malé wo ɖe te, madzi wo ɖe dzi, eye mali nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbee.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye woatso du la na Yehowa tso Xananeel ƒe xɔ tsrala gbɔ vaseɖe dzogoe gbo la nu.


Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.


Eye wògblɔ na wo bena; Esia nye nye nubabla yeye ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe lã me.


Yehowa be: Elabena kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye maɖo nye dukɔ Israel kple Yuda te, mana woagbɔ va anyigba, si metsɔ na wo fofowo la dzi, eye woaxɔe wòanye wo tɔ, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa be: Eyata kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagagblɔ azɔ be, yewota Yehowa, amesi kple Israel-viwo tso Egipte-nyigba dzi la ƒe agbe o,


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye dzidzimevi dzɔdzɔea ɖe ado na Dawid, aɖu dzi abe fia ene, eye woawo nu ɖe nunya me, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba dzi.


Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Ŋkekewo gbɔna, le esi me miadi be, míakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekewo dometɔ ɖeka, eye míakpɔe o.


elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la ta, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.


ke boŋ amesiwo le tsitre ɖe afisia kpli mí le Yehowa, mía Mawu ŋku me egbea, kpakple amesiwo mele afisia kpli mí egbea o la siaae.


nenema ke hã Yesu zu nubabla, si nyo wu sã la ƒe asiƒuakɔla


Ke azɔ la subɔsubɔ, si nyo wu sã la, su esi, abe alesi wònye nubabla, si nyo wu, eye woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo, siwo nyo wu la, dzi la ƒe avuléla ene.


Le esime wògblɔ be: „Nu yeye“ la, ena gbãtɔ do xoxo; ke nusi ɖo xoxo, eye wòtsi ŋutɔ la, te ɖe gbegblẽ ŋu.


ke boŋ woatsɔ aha yeye aɖe lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kpakple eve la siaa woanɔ dedie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite