Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 8:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Azɔ la ne enɔ anyigba dzi la, mele nunɔla nye ge kura o; elabena nunɔlawo li, amesiwo tsɔa nunanawo vanɛ le se la nu,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu nunɔla o elabena nunɔlawo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 8:4
11 Referans Kwoze  

Elabena nunɔlagã sia nunɔlagã, si wotsɔ tso amewo dome la, woɖoe anyi le amewo ta le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana le nuvɔ̃wo ta,


Eye miawo miawo do, siwo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpuia ŋuti, bena dɔmedzoe magava Israel-viwo dzi o.


Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti, eye le eya me, esi wòku hã la, egale nu ƒom.


amesi mehiã gbesiagbe vɔsasa abe nunɔlagã mawo, amesiwo wɔ vɔsasa gbã ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃wo ta, eye emegbe la ɖe dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta ene o; elabena ewɔ esia zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, esime wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena.


Elabena woɖo nunɔlagã sia nunɔlagã, bena wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana; eyata ele vevie bena, nane nanɔ nunɔlagã sia hã si be, wòatsɔ ana.


esi nye lododo na ɣeyiɣi, si gali fifi, esi me wotsoa nunana kple vɔsasa, siwo mate ŋu awɔ amesiwo le Mawu subɔm la blibo le dzitsinya nu o la, nana lena;


Eye nunɔla sia nunɔla nɔa tsitre gbesiagbe henɔa Mawu subɔm, eye wònɔa vɔsa mawo ke, siwo mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o la, tsɔm nɔa nanam agbadre;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite