Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 7:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Elabena se la tsɔa amesiwo gbɔdzɔ la ɖoa nunɔlagãwo; ke atamkaka, si dze se la yome la, ƒe nya ɖo Vi, si wowɔ blibo la, nunɔlagã yi ɖe mavɔmavɔ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye nunɔlagãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe se la yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 7:28
17 Referans Kwoze  

Elabena amesi ta nuwo katã ti ɖo, amesi me nuwo katã to va, amesi kplɔ vi geɖewo yi ɖe ŋutikɔkɔe me la, edzee bena, woawɔ wo xɔxɔ ƒe fia la blibo to fukpekpewo me.


elabena ame mawo zu nunɔlawo atamkaka manɔŋui; ke ame sia zui atamkaka kpe ɖe eŋu heto Mawu dzi, amesi gblɔ nɛ bena: „Yehowa ka atam, eye mele etrɔ ge o: Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu“ —


amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame,


Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ na abei sia bena: Kpɔ ɖa, mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm, eye mele gbe dam amewo ŋu egbe kple etsɔ, eye ŋkeke etɔ̃lia dzi la mawu enu.


Yehowa ka atam, eye mavee akpɔ o be: Wòe nye nunɔla tegbee le Melxizedek ƒe kɔa nu.


ke eya la, esi wònɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me ŋuti la, nunɔlanyenye, si meɖɔlina o la, le esi.


Tɔ kple nɔ kple dzidzimenya mele esi o; ŋkekewo ƒe gɔmedzedze kple agbe ƒe nuwuwu meli nɛ o; ke boŋ Mawuvi la wòɖi, eye wònɔ anyi nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me.


Nenema ke Kristo hã metsɔ ŋutikɔkɔe na eɖokui, bene wòanye nunɔlagã o: ke boŋ amesi gblɔ ne bena: „Vinye nènye, egbea medzi wò“ lae:


ke Kristo la nye nuteƒewɔla abe Vi ene le eƒe aƒe dzi; amesi ƒe aƒe míawo míenye, nenye be, mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.


Eye esi Yesu xɔ aha tsitsia la, egblɔ bena: Wowu nu vɔ! Eye wòde ta anyi, eye wòtsɔ gbɔgbɔ la na.


Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite