Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 7:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 ke eya la, esi wònɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me ŋuti la, nunɔlanyenye, si meɖɔlina o la, le esi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 gake Yesu ya le agbe tegbetegbe. Seɖoƒe meli na eya ƒe nunɔladɔ o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 7:24
9 Referans Kwoze  

Elabena se la tsɔa amesiwo gbɔdzɔ la ɖoa nunɔlagãwo; ke atamkaka, si dze se la yome la, ƒe nya ɖo Vi, si wowɔ blibo la, nunɔlagã yi ɖe mavɔmavɔ me.


Tete ameha la xɔ edzi nɛ bena: Miawo la miese le se la me bena, Kristo anɔ anyi vaseɖe mavɔmavɔ me, eye wò la, aleke gblɔm nèle bena, ele be, wòakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi mahã? Amekae nye nenem Amegbetɔvi sia?


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.


elabena mienyae bena, Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpa o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o.


Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa


amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite