Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 7:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 elabena ame mawo zu nunɔlawo atamkaka manɔŋui; ke ame sia zui atamkaka kpe ɖe eŋu heto Mawu dzi, amesi gblɔ nɛ bena: „Yehowa ka atam, eye mele etrɔ ge o: Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu“ —

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 ke Yesu ya ɖu nunɔla to Mawu ƒe atamkaka me, elabena Mawu gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ la ka atam, eye matrɔ eƒe susu o, ‘Wò la, nunɔlae nènye tegbetegbe.’ ”

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 7:21
10 Referans Kwoze  

Yehowa ka atam, eye mavee akpɔ o be: Wòe nye nunɔla tegbee le Melxizedek ƒe kɔa nu.


Elabena woɖi ɖase le eŋu bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“


Israel ƒe ŋusẽtɔ mekaa aʋatso o, eye metrɔa nya o, elabena menye ame wònye, ne wòatrɔ nya o.


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


elabena Mawu ƒe amenuvevenunanawo kple yɔyɔ megavenɛ o.


abe alesi wogblɔ le afi bubua ɖe hã ene bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“


Eye alesi woɖoe nunɔla, eye atamkaka megbe eŋutinɔnɔ o la —


Eye ame mawo dome geɖeawo zu nunɔlawo, le esi ku gbe bena, woagatsi agbe o la ta;


Elabena se la tsɔa amesiwo gbɔdzɔ la ɖoa nunɔlagãwo; ke atamkaka, si dze se la yome la, ƒe nya ɖo Vi, si wowɔ blibo la, nunɔlagã yi ɖe mavɔmavɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite