Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 7:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Azɔ la ne blibonyenye vana toa Lewitɔwo ƒe nunɔlanyenye me — elabena dukɔ la xɔ se la le eya te la — nukaŋuti wògahiã bena, nunɔla bubu natsi tre le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu, eye womabui le Aron ƒe ɖoɖo la nu o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Elabena to Levi ƒe viwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ dzi, wona se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Leviviwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ nunɔla bubu vɛ o, ame si nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Aron ƒe ɖoɖo nu o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 7:11
17 Referans Kwoze  

Elabena ɖe vodada mele nubabla gbãtɔ ma ŋu o la, anye ne womedi nɔƒe na evelia o.


Nyemedoa vlo Mawu ƒe amenuveve la o; elabena ne dzɔdzɔenyenye to se la me va la, ekema Kristo ku dzodzro.


elabena ame mawo zu nunɔlawo atamkaka manɔŋui; ke ame sia zui atamkaka kpe ɖe eŋu heto Mawu dzi, amesi gblɔ nɛ bena: „Yehowa ka atam, eye mele etrɔ ge o: Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu“ —


Eye esia dze ƒã gawu, ne nunɔla bubu, si le abe Melxizedek ene la, va tsi tre,


abe alesi wogblɔ le afi bubua ɖe hã ene bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“


Ke azɔ la, esi mienya Mawu alo Mawu boŋ nya mi la, aleke wɔ, eye miegatrɔ yi ɖe gɔmedzenu gbɔdzɔ daheawo gbɔ, eye miegale didim be, miagasubɔ wo tso gɔmedzedzea me mahã?


afisi Yesu yi ɖo le mía ta abe ŋgɔnɔla ene, amesi va zu nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu yi ɖe mavɔmavɔ me.


amesi Mawu yɔ be nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.


Nenema ke nye miawo hã: Esi míenye ɖeviwo la, mieno xexe sia me gɔmedzenuwo ƒe kluvinyenye te.


elabena egale fofoa ƒe ali me ko, esime Melxizedek yi ɖakpee.


Elabena ne woɖuɖɔ nunɔlanyenye la, ele be, woaɖuɖɔ se la hã tsã.


Elabena amesi ŋuti wogblɔ esia le la, enye to bubu me tɔ, amesiwo dome amea ɖeke mesubɔna le vɔsamlekpui gbɔ o.


Ke esi wodzra nusiawo ɖo alea vɔ la, nunɔlawo nɔa agbadɔ ŋgɔgbetɔ me yim ɖaa ɖawɔa mawusubɔsubɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite