Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 7:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 elabena egale fofoa ƒe ali me ko, esime Melxizedek yi ɖakpee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 elabena esi Melkizedek do go Abraham la, Levi nɔ tɔgbuia, Abraham ƒe alime; womekpɔ dzii o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 7:10
7 Referans Kwoze  

Lewi-vi, siwo xɔ nunɔlanyenye la, se le woawo hã si, bena woaxɔ nuwo ƒe ewolia tso dukɔ, si nye wo nɔviwo la si me le se la nu, wònye Abraham ƒe ali me woawo hã wodo tso hafi;


Yakob vi, siwo katã nu kplii yi Egipte, ne woɖe viaŋutsuwo srɔ̃wo le eme la, wole ame blaade vɔ ade.


Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, àdzi, eye nasɔ gbɔ; anye dukɔ kple dukɔhawo ƒe fofo, eye fiawo adzɔ atso mewò.


Ke wòa matu xɔ la o, ke boŋ viwò, si ado atso wò ali me la, eya atu xa na nye ŋkɔ la.


abe alesi wogblɔ le afi bubua ɖe hã ene bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“


Eye woate ŋu agblɔ be: To Abraham dzi woxɔ nuwo ƒe ewolia le Lewi hã, amesi xɔa nuwo ƒe ewolia la si:


Azɔ la ne blibonyenye vana toa Lewitɔwo ƒe nunɔlanyenye me — elabena dukɔ la xɔ se la le eya te la — nukaŋuti wògahiã bena, nunɔla bubu natsi tre le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu, eye womabui le Aron ƒe ɖoɖo la nu o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite