Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Elabena Melxizedek sia enye Salem-fia kple Mawu, dziƒoʋĩtɔ, nunɔla, amesi yi ɖakpe Abraham, le esime wògbugbɔ tso fiawo siƒe gbɔna, eye woayrae;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Melkizedek sia nye Salem fia kple nunɔlagã na Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le gbɔna la, Melkizedek va kpee, eye wòyrae.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 7:1
17 Referans Kwoze  

afisi Yesu yi ɖo le mía ta abe ŋgɔnɔla ene, amesi va zu nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu yi ɖe mavɔmavɔ me.


Nukae matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa ŋku me, eye made ta agu ɖe Mawu ɖziƒoʋĩtɔ la ŋku me? Ɖe matsɔ enumevɔsa kple nyivi, siwo xɔ ƒe ɖeka la, ɖe asi ado ɖe eŋku mea?


Ve nunye, Mawu, ve nunye; elabena gbɔwò meɣla ɖo, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mehe ɖo, vaseɖe esime gbegblẽ la nu nayi!


eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ bena: Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Meta Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o.


Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.


woɖoa ŋku edzi be, Mawue nye yewoƒe agakpe, eye Mawu, dziƒoʋitɔ la, enye yewoƒe xɔnametɔ.


Wonya Mawu le Yuda, eƒe ŋkɔ lolo le Israel;


Amesia dze Paulo kple mia yome, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nenem me siawo la, Mawu dzifoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, amesiwo le agbexɔxɔmɔ gblɔm fia mí.


Wonyãe le amegbetɔwo dome, eye eƒe dzi zu abe la tɔ ene, enɔ gbetedziwo gbɔ, wona gbee wòɖu abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime wòdze sii be, Mawu dziƒoʋĩtɔ la kpo ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ na.


Meku drɔ̃e, eye wòna medze haha, nye tamesusuwo le nye aba dzi kple nye ŋutegawo na dzidzi ƒom.


Ke wote Mawu, dziƒoʋitɔ la kpɔ, wodze aglã, eye womelé eƒe seawo me ɖe esi o.


amesi hã Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia na la; wotso ŋkɔ nɛ gbã be dzɔdzɔenyenye ƒe fia; ke emegbe la wotrɔe be Salem-fia, si gɔme enye ŋutifafa fia:


Tɔ kple nɔ kple dzidzimenya mele esi o; ŋkekewo ƒe gɔmedzedze kple agbe ƒe nuwuwu meli nɛ o; ke boŋ Mawuvi la wòɖi, eye wònɔ anyi nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me.


ke ame ma, si ƒe dzidzime metso wo gbɔ o la, xɔ nuwo ƒe ewolia tso Abraham si me, eye wòyra amesi si ŋugbedodo le.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite