Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 6:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke, lɔlɔ̃tɔwo, miekpɔ kakaɖedzi le mia ŋuti be, miaƒe nya anyo awu, eye wòate ɖe xɔxɔ ŋu, wònye míeƒo nu alea hafi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be míele nu ƒom alea hã la, kakaɖedzi le mía si be nya siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe me.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 6:9
24 Referans Kwoze  

Ke miawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo o, ke boŋ amesiwo xɔnɛ sena hena luʋɔ xɔxɔ la dometɔwo míenye.


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve.


Elabena gatɔwo hã ƒe nu wɔ nublanui na mi, eye miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo.


eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe,


Eyata, nye lɔlɔ̃tɔwo, misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!


hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.


Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.


Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


Fifia katã miele susum bena, míele mía ɖokui ta ʋlim le mia gbɔ. Míele nu ƒom le Mawu ƒe ŋku me le Kristo me; ke, lɔlɔ̃tɔwo, míele wo katã wɔm le miaƒe ŋgɔgbedede ta.


Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,


Lɔlɔ̃tɔwo, esia nye agbalẽ evelia xoxo, si meŋlɔ ɖo ɖe mi, eye metsɔ ŋkuɖoɖonudzi nyɔ miaƒe tamesusu, si me kɔ la le wo me,


Lɔlɔ̃tɔwo, menye se yeye meŋlɔ ɖo ɖe mi o, ke boŋ se xoxo, si le mia si tso gɔmedzedzea me la koe: Se xoxoa enye nya, si miese la.


Lɔlɔ̃tɔwo, esi medo vevie ŋutɔ, bena maŋlɔ nya le mi katã miaƒe xɔxɔ la ŋuti aɖo ɖe mi la, ezu dzizizi nam be, maŋlɔe atsɔ axlɔ̃ nu mi, bene miaʋli xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite