Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 eye wogade megbe la, esẽ na wo bena, woagawo wo yeye hena dzimetɔtrɔ, le esi wogaklã Mawuvi la ɖe atitsoga ŋu na wo ɖokui, eye wona wodo ŋukpee la ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ, elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 6:6
17 Referans Kwoze  

Elabena ɖe womedze si dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o la, ne enyo na wo wu esi wodze sii, eye gake wogagbugbɔ tso sedede kɔkɔe, si wode asi na wo la gbɔ.


fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã?


Elabena amesiwo me woklẽ ɖo kpɔ, eye woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wozu Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe gomekpɔlawo,


Ne amea ɖe kpɔ nɔvia wɔ nuvɔ̃, si mahe ame ayi ku me o la, neɖe kuku, eye wòana agbe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si ahe ame ayi ku me o. Nuvɔ̃a ɖe li, si ahe ame ayi ku me; nyemegblɔ be, woaɖe kuku ɖe eya ta o.


Woagbã godzelawo kple nuvɔ̃wɔlawo siaa nyanyanya, eye amesiwo trɔ le Yehowa yome la nu ayi.


amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,


Na mase dzidzɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu, siwo nèŋe la, nagli kple dzidzɔ!


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Eye Yesu le wo kpɔm du gblɔ na wo bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.


Ale míenye ɖaseɖilawo, eye miefiaa kpɔɖeŋu be, mia fofowo ƒe nuwɔwɔ la nyo mia ŋu; elabena woawoe wu wo, ke miawoe ɖoa woƒe yɔdowo ɖo.


Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe.


Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite