Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 6:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 afisi Yesu yi ɖo le mía ta abe ŋgɔnɔla ene, amesi va zu nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu yi ɖe mavɔmavɔ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 afi si Yesu ame si do ŋgɔ na mí la ge ɖo ɖe mía nu. Eya va zu nunɔlagã abe Melkizedek ene tegbee.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 6:20
20 Referans Kwoze  

Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe.


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


abe alesi wogblɔ le afi bubua ɖe hã ene bena: „Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.“


amesi Mawu yɔ be nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;


eye metsɔ gbɔ̃tsu wo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo kalẽ nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ.


Ke nya, siwo miegblɔ la, ƒe emenya gãtɔ enye esi. Nunɔlagã sia tɔgbe le mia si, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo,


Elabena amesi ta nuwo katã ti ɖo, amesi me nuwo katã to va, amesi kplɔ vi geɖewo yi ɖe ŋutikɔkɔe me la, edzee bena, woawɔ wo xɔxɔ ƒe fia la blibo to fukpekpewo me.


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


amekae abu fɔ? Kristo ye nye amesi ku, ke nusi gawu enye: Amesi wofɔ ɖe tsitre hã, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, amesi xa mí ɖe akɔ hã.


Viwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena wotsɔ nuvɔ̃wo ke mi le eƒe ŋkɔ ta.


amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


Yehowa ka atam, eye mavee akpɔ o be: Wòe nye nunɔla tegbee le Melxizedek ƒe kɔa nu.


Ale miade adzɔ le nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka, siwo miaxɔ le Israel-viwo si la, ŋu na Yehowa, eye miatsɔ Yehowa ƒe adzɔ la ana nunɔla Aron.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite