15 Eye esi wòdo dzi gbɔ dzi ɖi blewu la, eƒe asi su ŋugbedodo la dzi.
15 Ale, esime Abraham gbɔ dzi ɖi blewuu la, ŋugbedodo sia va eme nɛ pɛpɛpɛ.
bene míagazu kuviatɔwo o; ke boŋ mizu amesiwo toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la, srɔ̃lawo.
Eye Israel-viwo dzi hele agbɔ sɔm ɖe dzi ŋutɔŋutɔ, wokeke ta, eye woxɔ anyigba la dzi.
Tete Abram ʋu, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene, eye Lot hã yi kplii. Abram xɔ ƒe blaadre vo atɔ̃, esime wòʋu tso Xaran.
Eye le esia ta wònye nubabla yeye ƒe avuléla, bena le esi wòku le xoxo tso vodada, siwo le nubabla gbãtɔ me ŋuti ta la, amesiwo woyɔ la, naxa domenyinyi mavɔ ƒe ŋugbedodo.