Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 6:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Elabena esime Mawu na ŋugbedodo Abraham la, le esi amea ɖeke megalolo de enu, ne wòatà o ŋuti la, età ye ŋutɔ ɖokui

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Esi Mawu do ŋugbe na Abraham, eye ame aɖeke meli lolo wui wòayɔ aka atam o ta la, eta eya ŋutɔ ɖokui,

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 6:13
15 Referans Kwoze  

atamkaka, si wòka na mia fofo Abraham la dzi?


Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe alesi nèka atam na mía fofowo tso blema ŋɔli ke ene.


Yehowa be: Ke ne mieɖo to nya siawo o la, ekema metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne aƒe sia mazu aƒedo o fĩ!


Meta ɖokuinye, nya vava do tso nye nu me, eye matrɔ o be: Klowo katã ata anyi nam, eye aɖewo katã aka atam nam


Matsrɔ̃ eƒe lãwo katã ɖa le tɔ gãwo to, amegbetɔ ƒe afɔ magablu wo azɔ o, eye lãwo ƒe afɔ magablu wo azɔ o.


Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne Bozra mazu ŋɔdzinu, alɔmeɖenu, aƒedo kple ɖiŋudonu, eye eƒe duwo katã nazu gbegbe mavɔ o fi!


Ɖo ŋku wò dɔla Abraham, Isak kple Israel dzi, amesiwo neka atam na, eye nègblɔ na wo bena: Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba blibo sia, si ŋugbe meɖo ta, ana miaƒe dzidzimeviwo, bena wòanye wo tɔ tegbee.


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


Eyata mi Yuda blibo, si le Egipte-nyigba dzi, mise Yehowa ƒe gbe! Yehowa be: Metà nye ŋkɔ gã la: Ne Yuda-ŋutsua ɖe ƒe nu ayɔ nye ŋkɔ le Egipte-nyigba blibo la dzi agblɔ be, yetà Aƒetɔ Yehowa ƒe agbe fĩ!


Nɔviwo, mele nu ƒom abe ame ene; ame ƒe nubabla, si dzi woɖo kpee la, amea ɖeke metunɛ alo tsɔa nane kpena ɖe eŋuti o.


Elabena nenye se la mee domenyinyi la tso la, ekema metso ŋugbedodo la me o; ke Mawu to ŋugbedodo la me tsoe ke Abraham.


nusi wòbla kple Abraham kple atam, si wòka na Isak,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite