Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 6:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 bene míagazu kuviatɔwo o; ke boŋ mizu amesiwo toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la, srɔ̃lawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Míedi be ame aɖeke nazu kuviatɔ o, ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 6:12
36 Referans Kwoze  

Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.


Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la.


Eye ŋugbedodo, si eya ŋutɔ ɖo na mí la, eya nye agbe mavɔ la.


Ne veviedodo hiã la, migawo ƒome o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; miwo nusi ɣeyiɣi la hiã!


Nusiawo ŋutie nya geɖe le mía si be, míagblɔ, eye wo gɔmeɖeɖefia nye do, le esi míenye kuviatɔwo le nyasese me la ŋuti.


Eyata, nɔviwo, miɖo vevie wu tsãtɔ, bena miali ke mia yɔyɔ kple tiatia la sesĩe; elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo akpɔ o.


esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo.


Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi,


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


bene wòanye fofo na aʋatsotsotɔwo hã, amesiwo metso aʋatsotso me ɖeɖeko o, hafi amesiwo zɔna le mía fofo Abraham ƒe xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la ƒe afɔtoƒewo me la boŋ.


Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo;


Ale Yehowa gblɔ esi: Miyi mowo dzi, miɖo ŋku anyi, eye mibia blema mɔwo ta se be, mɔ kae nye nyuia hã, eye mizɔ edzi, ne miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. Ke woawo ɖo ŋu be: Miele edzi to ge o.


Amesi wɔa alɔgblɔlɔ le ɖɔ ŋu la, nugblẽla nɔvl wonye.


Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.


amesiwo ɖu fiaɖuƒewo dzi to xɔse me, wowɔ dzɔdzɔenyenyedɔwo, woxɔ ŋugbedodowo, womiã nu na dzatawo,


Eye esi wòdo dzi gbɔ dzi ɖi blewu la, eƒe asi su ŋugbedodo la dzi.


ale bena mia ŋutɔwo míeƒoa adegbe le mia ta le Mawu ƒe hameawo me le miaƒe dzidodo kple miaƒe xɔse, si le mia si le miaƒe yometitiwo kple xaxa, siwo miekpɔna me la ŋuti;


Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.


„Nye enye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã? Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbegbewo toe.


Kuviatɔ ƒe mɔ enye ŋukpɔ; ke nuteƒewɔlawo ƒe toƒe enye mɔ tata.


Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.


Veviedola ƒe asi aɖu fia; ke kuviatɔ adzɔ nu.


eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi.


Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii.


Eƒe aƒetɔ la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔ! Ɖe nènyae bena, meŋea nu le afisi nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afisi nyemewu nu ɖo o mahã?


Wò tugbedzɛ le nyɔnuwo dome, ne mènyae o la, ekema do go, eye naɖo lãhawo ƒe afɔ, eye nanyi wò gbɔ̃viwo le lãkplɔlawo ƒe agbadɔwo gbɔ!


Ne nato ame nyuiwo ƒe mɔ dzi, eye nalé ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe ɖe asi.


Amesi ble nuteƒewɔlawo yi mɔ vɔ̃ɖi dzi la, eya ŋutɔ age adze eƒe ɖo me; ke fɔmaɖilawo anyi nu nyui ƒe dome.


Alesi ʋɔtru trona le eƒe megbega me la, nenema nye kuvlatɔ le aba dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite