Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nenema ke Kristo hã metsɔ ŋutikɔkɔe na eɖokui, bene wòanye nunɔlagã o: ke boŋ amesi gblɔ ne bena: „Vinye nènye, egbea medzi wò“ lae:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Eya ta Kristo hã metsɔ nunɔlagã ƒe ŋutikɔkɔe da ɖe eɖokui dzi o ke boŋ Mawu gblɔ nɛ be, “Wòe nye vinye ŋutsu, egbe mezu fofowò.”

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 5:5
12 Referans Kwoze  

Mele tameɖoɖo la gblɔ ge afia: Yehowa gblɔ nam be: Vinye nènye, egbea medzi wò.


Yesu ɖo ŋu bena: Nenye ɖe mekafu ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o; Fofonye li, amesi miawo miele gbɔgblɔm bena, enye miaƒe Mawu la, eyae le kafuyem.


Elabena mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpo bena: „Vinye nènye, egbea medzi wò“ mahã? Eye wògagblɔ bena: „Nye la manye Fofo nɛ, eye eya hã lanye Vi nam“ mahã?


Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu: ke amesi le amesi ɖoe ɖa la ƒe kafukafu dim la, eyae nye nyateƒetɔ, eye nu madzɔmadzɔ mele eyama me o.


bena Mawu wu eya ke nu na mi, amesiwo nye wo viwo, le esime be wòna Yesu tsi tre, abe alesi woŋlɔ ɖe Psalmo evelia me ene bena: „Vinye nènye, egbe sia medzi wò.“


Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,


Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me,


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


amesi Mawu yɔ be nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite