Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Elabena amesiame, si nɔa notsi nom la, menya naneke le dzɔdzɔenyenye ƒe nya ŋuti o; elabena vidzie ko wònye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ame sia ame si ganoa notsi esi wònye ɖevi ko ta la, mate ŋu ase nufiafia tso dzɔdzɔenyenye ŋuti gɔme o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 5:13
15 Referans Kwoze  

eye abe vidzĩewo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xoxo la,


Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.


Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me,


Ameka wòafia sidzedzee, eye ameka wòaɖe nya gome na? Ɖevi, si dzudzɔ notsi, kple ɖevi, si ɖi le noea?


bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,


Eye nye hã, nɔviwo, nyemete ŋu ƒo nu kpli mi abe gbɔgbɔmemewo ene o, hafi abe ŋutilãmemewo ene, abe vidzĩewo le Kristo me ene.


Elabena ne ŋutikɔkɔe li na fɔbubu ƒe subɔsubɔdɔ la, ekema dzɔdzɔenyenye ƒe subɔsubɔdɔ gbã go geɖe wu le ŋutikɔkɔe me.


Esime menye vi la, meƒo nu abe vi ene, eye mesusu abe vi ene, eye mebu tame abe vi ene; ke esime mezu ŋutsu la, meɖe ɖevimenuwo ɖa.


Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò xɔname kple wò ŋugbedodo dzɔdzɔe la ŋuti.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.


Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;


kple ame manyanuwo ƒe hela kple ɖeviwo ƒe nufiala, amesi si sidzedze kple nyateƒe ƒe nɔnɔme, si le sea me la, le la,


elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite