Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 5:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu; gake egahiã mí be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi, eye míezu abe amesiwo gahiã notsi ko, eye menye nuɖuɖu sesẽ o la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Le nyateƒe me la, togbɔ be fifia ele be mianye nufialawo hã la, miegahiã ame aɖe kokoko be wòagagbugbɔ afia gɔmedzenuwo mi tso Mawu ƒe nya ƒe nyateƒewo ŋu. Miehiã notsi, ke menye nuɖuɖu sesẽ o!

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 5:12
23 Referans Kwoze  

Eyata mina miagblẽ Kristo ƒe nufiafia ƒe gɔmedzedze ɖi, eye míade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti, bene miagaɖo dzimetɔtrɔ tso dɔwɔwɔ kukuwo me kple Mawu dzixɔse


eye abe vidzĩewo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xoxo la,


Elabena amesiame, si nɔa notsi nom la, menya naneke le dzɔdzɔenyenye ƒe nya ŋuti o; elabena vidzie ko wònye.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Hiã tua dzataviwo, eye dɔ wua wo, ke amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnua ɖeke mehiãa wo o.


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii!


Kuwui! Mi ame tsikɔwuwo katã, miva tsi gbɔ! Mi amesiwo si ga mele o, miva ƒle nu, ne miaɖu! Miva, ne miadze wein kple notsi, menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o!


Elabena Ezra tsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi, eye wòafia ɖoɖowo kple kɔnuwo le Israel.


Wobua Axitofel ƒe aɖaŋu, si wòɖona ɣemaɣi la, abe Mawue wòbia gbee ene: alea Axitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo nɔ na Dawid kple Absalom siaa.


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Ke ne mele ha me la, mele didim bena, matso nye tamesusu agblɔ nya atɔ̃, bene mafia nu ame bubuwo hã awu esi matsɔ gbegbɔgblɔ agblɔ nya akpe ewo.


Nu geɖe le go sia go me; gbã wotsɔ Mawu ƒe nyawo ɖewo si.


Eyae nye amesi no ha la dome le gbedzi kple mawudɔla la, esi wòƒo nu ne le Sinai-to ta ŋuti kple mia fofowo, amesi xɔ agbenyawo be, yeana mí;


Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye!


Mlɔeba la, nɔvinyewo, dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me! Nye la metim bena, maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o; ke miawo la ena kakaɖedzi mi.


Eyata Yehowa ƒe nya ava me ɖe wo ŋu be. Se ɖe se dzi, se ɖe se dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, afi ʋee, game ʋee, ne woazɔ ahate gbugbɔɖemegbee adze anyi, eye woagbã gudugudu, mɔ̃ aɖe wo, eye asi atu wo.


Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.


Nenema ke nye miawo hã: Esi míenye ɖeviwo la, mieno xexe sia me gɔmedzenuwo ƒe kluvinyenye te.


Nusiawo ŋutie nya geɖe le mía si be, míagblɔ, eye wo gɔmeɖeɖefia nye do, le esi míenye kuviatɔwo le nyasese me la ŋuti.


Ke miɖo ŋu tsã ŋkeke, siwo me miedo dzi le heʋli geɖe le fukpekpewo me, le esime woklẽ ɖe mia me megbe la;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite