Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke amekawo wòka atam na bena, ne woahade yeƒe dzudzɔ la me fĩ? Ɖe menye na tosẽlawo o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Eye ame kawoe Mawu ka atam na be womage ɖe yeƒe dzudzɔƒe la me gbeɖe o, ne menye ame siwo sẽ to lae oa?

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 3:18
16 Referans Kwoze  

Eyata esi wòsusɔ bena, amea ɖewo nayi ɖe eme, eye amesiwo wogblɔ nyanyuie la fia gbã la, meyi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti la,


Miade anyigba, si ŋu meka atam ɖo na mi be, mianɔ edzi la dzi o, negbe Kaleb, Yefune vi, kple Yosua, Nun vi ko.


Tete Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esi mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋunye le Israel-viwo ŋku me o ŋuti la, eyata makplɔ ha sia aɖe anyigba, si matso na wo la dzi o.


Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o.


Eyata meka atam le nye dziku me bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ!“


Esi Yehowa dɔ mi le Kades-Barnea gblɔ bena: miyi, ne miaxɔ anyigba, si mena mi, ne wòanye mia tɔ ta, miesẽ to ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nya ŋu, mieɖo ŋu ɖe eŋu o, eye miese eƒe gbe o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Zi nenie gɔ̃ dukɔ sia ado vlom, eye zi nenie woagbe dzinye xɔxɔ ase? Evɔ wonye mewo dzesi geɖewo le wo dome hafi?


makpɔ anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo la o, eye amesiwo katã do vlom la, hã makpɔe o!


eye woku, le esi wode ŋɔdzi anyigbaa ŋu la ta.


Elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye womeɖo dzi ɖe eƒe xɔname ŋu o.


Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.


Elabena alesi miawo hã mieɖo to Mawu tsã o, ke azɔ wokpɔ nublanui na mi le amesiawo ƒe tosesẽ ŋutii la,


Azɔ minɛ miado vevie, bene míayi ɖe dzudzɔ ma me, bene amea ɖeke nagadze tosesẽ ma ke tɔgbea ɖeke me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite