Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena míezu Kristo ƒe gomekpɔlawo, nenye be, míalé miaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ɖe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe ko.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 3:14
17 Referans Kwoze  

ke Kristo la nye nuteƒewɔla abe Vi ene le eƒe aƒe dzi; amesi ƒe aƒe míawo míenye, nenye be, mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.


Ke míele didim vevie bena, mia dome amesiame naɖe veviedodo ma ke afia le mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu la ŋuti,


ke boŋ zi geɖe alesi miekpɔ gome le Kristo ƒe fukpekpewo me la, zi geɖe ma ke mikpɔ dzidzɔ bena, le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia me hã la míakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye.


Woamawo he to na mí ŋkeke ʋeea ɖewo ko, le alesi wobu be, enyo la nu, ke eya la hea to na mí le miaƒe nyonyo ta, bene míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me.


Elabena amesiwo me woklẽ ɖo kpɔ, eye woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wozu Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe gomekpɔlawo,


bena trɔ̃subɔlawo zu ŋugbedodo ƒe domenyilawo kple hadelawo kple gomekpɔlawo le Kristo Yesu me to nyanyuie la me,


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


Ke ne wòŋe alɔwo dome ɖewo ɖa, eye wò, si nye gbemiti la, wotsɔ wò do ɖe wo dome, eye nèkpɔ amiti la ƒe kè kple eƒe atimetsi ƒe gome kpli wo la,


Elabena abolo ɖekae, ŋutilã ɖeka mi ame geɖewo míenye, elabena mí katã mieɖua abolo ɖeka la ƒe ɖe.


nusi miekpɔ, eye miese la, mieɖea gbe ƒãe na miawo hã, bene miawo hã miado ƒome kpakpli mí, eye míaƒe ƒomedodo la li kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:


Ke amesiwo si aƒetɔ xɔsetɔwo le la, womagaɖo vlo wo, le esi wonye nɔviwo la ŋuti o, ke boŋ woasubɔ wo vevie wu; elabena amesiwo kpea woƒe dɔ nyui wɔwɔ ƒe viɖe la, wonye xɔsetɔwo kple lɔlɔ̃tɔwo.


Ke nyanyuie la ta mewo wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.


Ƒome vɔ̃ɖi sia dome ŋutsua ɖeke makpɔ anyigba nyui, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na wo fofowo la o;


Eyaŋuti kpɔ Mawu ƒe dɔmenyonyo kple sesẽ ɖa: eƒe sesẽ ɖe amesiwo dze anyi la ŋuti, ke eƒe dɔmenyonyo ɖe ŋuwò, menye ɖe nenɔ dɔmenyonyo la me; ne menye nenem o la, woalã wò hã ɖa.


Ke xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite