Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 2:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye wògagblɔ be: „Matsɔ nye ŋuɖoɖo aɖo edzi.“ Eye wògagblɔ be: „Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Mawu tso nam la, enye esi.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Egagblɔ be, “Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu.” Eye wògagblɔ be, “Nye kple vi siwo Mawu nam la míele afii.”

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 2:13
16 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!


Elabena ne vidzikpɔla akpe ewo le mia si le Kristo me hã la, fofo geɖe meli na mi o; elabena metsɔ nyanyuie la dzi mi le Kristo Yesu me.


Fofonye, si tsɔ wo nam la, eya ƒo nuwo katã ta, eye amea ɖeke mate ŋu axɔ wo sesẽ le Fofonye si me o.


eya gblɔna na Yehowa be: Nye sitsoƒe kple nye mɔ̃ sesẽ nenye, nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo.


Yosef ɖo ŋu na fofoa bena: Woawo nye vi, siwo Mawu nam le afisia! Eye wògblɔ bena: Kplɔ wo va gbɔnyee, ne mayra wo.


Eye wògblɔ bena: Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o;


Mawu enye nye ɣaɣlaƒe, amesi gbɔ mebe ɖo nye akpoxɔnu kple nye xoxo ƒe lãdzo, nye mɔ̃ sesẽ kple nye sitsoƒe kpakple nye xɔla, amesi ɖem tso ŋutasẽlawo si me.


Eye esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo la, ebia bena: Amekawo nye esiawo le ŋuwò mahã? Eɖo ŋu bena: Woawoe nye vi, siwo Mawu na wò dɔla!


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Dawid ƒe ha ɖe futamee la. Mawu dzram ɖo, elabena wòe mesi tso!


Eɖo dzi ɖe Mawu ŋuti; eya naɖee azɔ, ne elɔ̃nɛ, elabena egblɔ be, Mawuvi yenye.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite