Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 13:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe, eye nenema kee wòanɔ ɖaa.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 13:8
19 Referans Kwoze  

Elabena nye Yehowa nyemetrɔ o, eye mi Yakob hã miedzudzɔ o.


Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o.


Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu; ale Aƒetɔ Mawu, amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge, amesi nye ŋusẽkatãtɔ la, gblɔ esi!


eye aɖo li wo woaɖɔ abe awu ene; gake wò la nenema ko nèle, eye wò ƒewo nu metsona o.


Ale Yehowa, Israel ƒe fia kple eƒe xɔnametɔ, Yehowa Zebaot,: gblɔ esi: Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.


Hafi towo nava do, eye anyigba kple xexeme nadzɔ la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.


Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo,


Ameka wɔe heƒoe wòde go? Eya, amesi yɔ ƒomewo tso gomedzedzea me ke lae. Nye Yehowa enye gbãtɔ, eye alea ke mele na ame mlɔeawo!


Elabena ƒe akpe le ŋkuwò me ahe etsɔ ŋkeke, si nu va yi, kple ŋudzɔɣi le zã me ene.


Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hame adre, siwo le Asia la bena: Amenuveve kple ŋutifafa nana anyi kpli mi tso amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vavagela gbɔ, eye tso gbɔgbɔ adre, siwo le eƒe fiazikpui ŋgɔ la gbɔ,


Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, amesi woɖe gbe ƒã le mia dome to mi, amesiwo nye nye, Silvano kple Timoteo dzi la, menye ẽ kple o o, hafi enye ẽ le eyama me boŋ.


Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.


Eye Abraham do atiwo ɖe Beer-Seba, eye wòyɔ Yehowa Mawu, si le agbe tegbee la ƒe ŋkɔ dzi le afima.


Mawu gblɔ na Mose be: „Amesi menye, eyae menye,“ eye wògblɔ bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: „Menye“ ye dɔm do ɖe mia gbɔ;


Elabena Mawu ƒe ŋugbedodowo, alesi nu wole la, Yesu me ẽ le; eyaŋuti amen la to eya hã dzi hena Mawu ƒe kafukafu to mia dzi.


Mawu ɖeka hɔ̃ ko kple mía xɔla, to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, etɔ nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite