Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 13:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Miɖuɖɔ mia nunɔlawo katã kple ame kɔkɔewo katã nam ƒã. Amesiwo tso Italia la, ɖuɖɔ mi ƒã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã. Nɔvi siwo tso Italia hã do gbe na mi.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 13:24
14 Referans Kwoze  

Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawo esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖea ɖeke na mi o.


Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.


esi mesena le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ, si le asiwò hena Aƒetɔ Yesu kple ame kɔkɔewo katã la ŋuti,


Eye wòkpɔ Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Akwila, si wodzi le Ponto, amesi kple srɔ̃a Priskila wotso Italia va medidi o; elabena Klaudio ɖe se bena, Yudatɔwo katã nadzo le Roma; eye wòva wo gbɔ,


woŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔe, siwo le Kolose kple nɔvi, siwo nye xɔsetɔwo le Kristo me la: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mía Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbã la, woana mi!


Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã, vevietɔ amesiwo tso kaisaro ƒe me la.


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kpli mi katã!


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto, kple ame kɔkɔe, siwo katã le Axaya blibo la katã:


Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dolawo, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔe, siwo katã le Kristo Yesu me le Filipi la, kple dzikpɔlawo kple subɔlawo hã:


Eye esi woɖoe bena, miaɖo nu ayi Italia la, wotsɔ Paulo kple gatɔ bubua ɖewo de aʋafiaa ɖe, si ŋkɔ enye Yulio tso, kaisaro ƒe asrafoha dome la si.


Ke Anania xɔ edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, mese le ame geɖewo nu le ŋutsu sia ŋuti, alesi wòwɔ vɔ̃ geɖe ɖe wò ame kɔkɔe, siwo le Yerusalem la ŋu;


bena miawo hã miatso mia ɖokui ade nenem me siawo kpakple amesiame, si woa do kpli mi, eye wòdzea agbagba la te.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite