Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 13:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Minyae bena, woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu; ne eva kaba la, mia kplii míakpɔ mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 13:23
10 Referans Kwoze  

Paulo, Kristo Yesu ƒe gatɔ, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Filemon, mía lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla,


eye miedo Timoteo, mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla kple hadɔwɔla le Kristo ƒe nyanyuie me la ɖa, bene wòado ŋusẽ mi, eye wòaxlɔ̃ nu mi le miaƒe xɔse ŋuti,


Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu,


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Ke dzra dzeƒe ɖo ɖi na nye hã; elabena mele mɔ kpɔm bena, to miaƒe gbedodoɖawo me la woatsɔm ake mi.


Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo, eye nèʋu emeʋuʋu nyui le ɖaseɖila geɖewo ƒe ŋku me la dzi.


Azɔ la, ne mewu esia nu, eye metre nenem kutsetse sia nu na wo la, matso mia gbɔ ayi Spania.


Ke azɔ mele mo dze ge ayi Yerusalem, mele ame kɔkɔewo subɔ ge.


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple nɔvi Timoteo la


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite