Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 13:2
21 Referans Kwoze  

Elabena dɔ wum, eye miena nuɖuɖum; tsikɔ wum, eye miena tsim; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ.


Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae le Mamre ƒe ati gãwo gbɔ, le esime wòbɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ nu le ŋdɔ me.


Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!


Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o.


amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ o; menɔ amama, eye mieɖo awu nam o; nye lãme gblẽ, menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa o.


ke boŋ wòanye amedzrowɔla, nunyuilɔ̃la, ame ɖɔŋuɖo, dzɔdzɔetɔ, kɔkɔetɔ kple ɖokuidziɖula,


Amedzro metsia xexe dɔna o, ke boŋ meʋua nye ʋɔ na mɔzɔla.


Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Azɔ la ele na dzikpɔla bena, mokaka naganɔ eŋu o: Wòanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ɖokuidziɖula, ame ɖɔŋuɖo, nudzeamewɔla, amedzrowɔla, amesi nya nufiafia;


Gayo, si nye mía kple hame blibo la ƒe aƒetɔ la, ɖuɖɔ mi ƒã. Erasto, si nye du me gadzikpɔla, kple mia nɔvi Kuarto ɖuɖɔ mi ƒã.


naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ amea ɖe amama la, nata avɔ ne, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.


Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.


Ne mekpɔ ame ɖoko avɔ mele eŋu o, eye nutsyɔtsyɔ mele ame dahe si o la,


Eva me gbe ɖeka be, Elisa yi Sunem, eye nyɔnu hotɔa ɖe le afima, amesi ƒoe ɖe enu be, wòaɖu nu kplii. Eye ne eva yina godoo la, edzea afima heɖua nu.


Mawudɔla eveawo va ɖo Sodom le fiẽ me, eye Lot bɔbɔ nɔ Sodom gbɔ nu. Ke esi Lot kpɔ wo la, etsi tre yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.


Lɔlɔ̃tɔ, èwɔ nuteƒe le nusianu, si nèwɔ na nɔvi, siwo nye amedzrowo la me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite