Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 13:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata Yesu hã kpe fu le agbo la godo, bene wòatsɔ ye ŋutɔ ƒe ʋu akɔ eƒe dukɔ la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 13:12
18 Referans Kwoze  

Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.


Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xa nye gbegbe la!


bene yeakɔ eŋu, esime wòklɔ eŋuti to tsilele me le nya la me megbe la,


Tete ha blibo la kplɔe yi ɖe asaɖa la godo, eye woƒu kpee wòku, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Mose ƒo nu kple Israel-viwo; tete wokplɔ ɖiŋudola la do goe ɖe asaɖa godo, eye woƒu kpee woku. Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã?


Mewo ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.


Tete Yosua kple Israel blibo la kplɔ Axan, Zerax vi, hekpe de klosalo la, awu ʋlaya la kple sikakpɔti la kpakple viaŋutsuwo kple vinyɔnuwo, eƒe nyi, tedzi kple alẽwo, eƒe agbadɔ kpakple nusiwo katã le esi la ŋu, yi Axor-bali la me.


Elabena amesi kɔa amewo ŋuti kple amesiwo ŋuti wokɔ la, wo katã dzɔ tso ame ɖeka me, eyata ŋu mekpee be, wòayɔ wo be nɔviwo o:


ke boŋ asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ eƒe axada me, eye enumake ʋu kple tsi do go.


eye wotsi tre, eye wotu asi ʋume nɛ do go le dua me, eye wokplɔe vaseɖe to, si dzi wotso woƒe dua ɖo la, ƒe abunu, bena woatrɔ gboe aƒu abu me.


lɔlɔ̃nu sia me wokɔ mía ŋu le zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu to Yesu Kristo ƒe ŋutilãtsɔtsɔna me.


Eye wofanya weintsetseawo kple afɔ le dua godo, eye ʋu do le weinfiãnu la me le ɖɔɖɔm vaseɖe keke sɔwo ƒe numega ŋuti ke, eye wòde stadio akpe ɖeka kple alafa ade.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite