Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 12:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Gakpe ɖe esia ŋuti la mia ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, he mí, eye miesi wo ɖa; ɖe míaɖo to gbɔgbɔwo ƒe Fofo la boŋ geɖe awu, eye mianɔ agbe o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí, eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe!

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 12:9
28 Referans Kwoze  

Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?


Yehowa, si nye gbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me, ƒe Mawu la, natia ŋutsua ɖe aɖo ha la nu,


Ale Mawu Yehowa, amesi wɔ dziƒowo, eye wòhe wo me, amesi keke anyigba kple eƒe numiemiewo ɖe nu, amesi na agbe dukɔ, si le eɖzi, kple gbɔgbɔ amesiwo zɔa edzi la, gblɔ esi:


Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye.


Eya, amesi si me nu gbagbewo katã ƒe luʋɔ kple amegbelɔwo katã ƒe ŋutilã ƒe gbɔgbɔ le!


Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu; Ale Yehowa, amesi keke dziƒo me, amesi ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòwɔ gbɔgbɔ de amegbetɔ me la, gblɔ esi;


Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.


Aƒetɔ, esia nu ame nɔa agbe ɖo, eye esia nu nye gbɔgbɔ le agbe ɖo blibo; eyata da gbe le ŋunye, eye na manɔ agbe!


Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi de dzi le ɣeyiɣi, si woɖo ɖi la dzi.


Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.


Elabena nyemanɔ dzre hem godogodo o, eye nyemanɔ dɔmedzoe dom ɖaa o; elabena nu ava te gbɔgbɔ ŋu le ŋkunye me kple luʋɔ, siwo mewɔ la ŋu.


Amesiame nayɔ dada kple fofoa, eye miaɖo ŋku nye dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Ŋku, si ɖea alɔme le fofoa ŋu, eye mebua dada ɖe naneke me o la, akpaviãwo ahoe le to me le tɔʋu to, eye hɔ̃viwo aɖui.


Amesi do vlo fofoa kple dada la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.


Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.


Vi ɖea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu mi nunɔla, siwo ɖoa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le? Eye ne miegblɔ be: Nuka mietsɔ do vlo wò ŋkɔe ha la?


Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo.


Elabena medi bena, nye ŋutɔ mazu busu tso Kristo gbɔ ɖe nɔvinyewo, ƒonyemeawo le ŋutilã nu la ta;


le Via, si wodzi le Dawid-ƒomeawo me le ŋutilã nu la ŋuti,


Esi wònye nyagblɔɖila, eye wonyae bena, Mawu do ŋugbe nɛ kple atamkaka bena, eƒe alimevia ɖe nanɔ eƒe fiazikpui dzi,


gblɔ bena: ʋɔnudrɔ̃laa ɖe nɔ dua ɖe me, amesi mevɔ̃a Mawu o, eye mesia ame hã o.


Eye melɔ̃ o eteƒe didi; ke esiawo megbe la egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Esi nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemesia ame hã o la,


Eye wògblɔ nam bena: Nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo, eye nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔwo ƒe Aƒetɔ, Mawu la, dɔ eƒe dɔla, bene wòaɖe nusiwo le eme va ge kpuie la, afia eƒe dɔlawo.


Baba na amesi gblɔna fofoa be: Nuka la nedzim? eye na nyɔnu be: Nuka ta nèle ku ɖo?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite