Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 12:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Ke „zi ɖeka“ sia, si wògblɔ la, fia nusiwo woʋuʋu la ɖeɖeɖa, abe nusiwo wowɔ, bena nusiwo womeʋuʋu o la, nanɔ anyi ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Nyakui “ga” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo, ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 12:27
19 Referans Kwoze  

eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womelé eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o.


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Yerusalem ƒe dzidzenu dze ɖusi me nɛ, ne woatu gligbãnu, woake nu ado ɣli, eye woatso ayiboopɛ sesĩe, woatu gligbãnu ɖe eƒe agbowo ŋu, woaƒu kpo, eye woatu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo.


Dziƒo ŋu nuwo katã nu ayi, woaŋlɔ dziƒowo, abe alesi woŋlɔa agbalẽe ene, eye eŋu nuwo katã alé akpɔ̃, abe alesi aŋgba yrɔna le weinka ŋu kple alesi gboti ƒe aŋgba yrɔnae ene.


Elabena ne towo te ɖa, eye togbɛwo ʋã hã la, nye amenuveve mate ɖa le ŋuwò o, eye nye ŋutifafa nubabla maʋã o, Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe!


Elabena kpo ɖa, mawo dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o;


Yehowa be: Alesi dziƒo yeye kple anyigba yeye, si wɔ ge mala la, anɔ anyi le ŋkunye mee la, nenema ke miaƒe ƒome kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbee.


Gblɔ na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel bena: Mele dziƒo kple anyigba ʋuʋu ge,


Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam.


Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.


Aƒetɔ, wòe ɖo anyigba gɔme anyi le gɔmedzedzea me, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔwo.


Ke Kristo va nye nu nyui, siwo le vava ge la ƒe nunɔlagã, eye wòto agbadɔ, si nye gãtɔ kple blibotɔ wu, si wometsɔ asi wɔe o, eye metso xexe sia me o la me,


Elabena ɖu, si nɔa anyi la, mele mia si le afisia o, ke boŋ miele ɖu, si gbɔna la dim.


Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.


Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite