Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 12:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 amesi ƒe gbe ʋuʋu anyigba la le ɣemaɣi me; ke azɔ la eɖo ŋugbe gblɔ be: „Esusɔ zi ɖeka, eye menye anyigba ɖeɖeko maʋuʋu o, ke boŋ dziƒo hãe.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Le ɣe ma ɣi me la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba, gake azɔ la, edo ŋugbe be, “Magaʋuʋu, menye anyigba ɖeɖe ko o, ke boŋ dziƒowo hã.”

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 12:26
12 Referans Kwoze  

Eyata matsɔ Yehowa Zebaot ƒe dzikudodo kple eƒe dɔmedzoedogbe ana dziƒo nadzo kpekpekpe, eye anyigba naʋuʋu le enɔƒe.


Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.


Eye wòayi kpetowo kple anyigba dzi dowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.


Ke „zi ɖeka“ sia, si wògblɔ la, fia nusiwo woʋuʋu la ɖeɖeɖa, abe nusiwo wowɔ, bena nusiwo womeʋuʋu o la, nanɔ anyi ene.


Towo kpɔ wò, eye wodzo kpekpekpe, eye tɔwo gbagba ɖe anyi bababa; agumetsiwo na wose wo ŋkɔ, eye wodo alo ɖe dzi.


mamũ fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye miatsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo, mamũ tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi, sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye amesiame atsi ehavi ƒe yi nu.


Yehowa, esi neho tso Seir, eye netsa to Edom-tagba la, anyigba ʋuʋu, dziŋgɔ ɖuɖu tsi, eye alilikpowo hã dza tsi;


Yehowa be: Alesi dziƒo yeye kple anyigba yeye, si wɔ ge mala la, anɔ anyi le ŋkunye mee la, nenema ke miaƒe ƒome kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbee.


Gblɔ na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel bena: Mele dziƒo kple anyigba ʋuʋu ge,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite