Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 12:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpeakpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 12:22
49 Referans Kwoze  

Ke miaƒe dumetɔnyenye le dziƒo, afisi hã miele xɔla, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la, lalam tso,


Ke dziƒo Yerusalem enye ablɔɖe, eyae nye mí katã dada.


Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre de Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.


Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu le mía Mawu ƒe du la me kple eƒe to kɔkɔe la dzi.


Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.


Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ gbɔ, woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


eye ne amea ɖe aɖe nane le agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me la, ekema Mawu aɖe eƒe gome atso agbeti la kple du kɔkɔe, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me.


Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.


Elabena ɖu, si nɔa anyi la, mele mia si le afisia o, ke boŋ miele ɖu, si gbɔna la dim.


elabena ekpɔ mɔ na du, si gɔmeɖoɖoanyi li na, esi ƒe aɖaŋuwɔla kple tula enye Mawu.


Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye eme akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.


Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“.


Anye ɖela ava na Zion, eye na amesiwo trɔ tso woƒe dzidadawo me le Yakob; Yehowa ye gblɔe.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpea ɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzògoekpe xɔasi, si li ke zã. Amesi xɔe se la, masi o.


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


Ɖewohi Yehowa, wò Mawu, se Rabsake, amesi eƒe aƒetɔ Asur-fia dɔ ɖo ɖa, be wòaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu la ƒe nyawo katã, eye woahe to nɛ le nya, siwo Yehowa, wò Mawu, se la ta; eyata ɖo gbe ɖa ɖe ame susɔe, siwo li la ta!


Eye wòkplɔm yi to kɔkɔ gãa ɖe dzi le gbɔgbɔ me, eye woɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la liam,


Eye mekpɔ mawudɔla bubu le dodom tso ɣedzeƒe, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu le esi, eye wòdo ɣli kple gbe gã ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo wona ŋusẽe be, woawɔ vɔ̃ anyigba kple atsiaƒu la, wòle gbɔgblɔm bena:


Ke Henox hã, amesi nye adrelia tso Adam dzi la, gblɔ nya ɖi ɖe ame mawo ŋuti bena: „Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna,


Emegbe fia Dario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi bena: Eme nenyo na mi!


Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.


Metsɔ nye nya ɖe nuwo, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te, ne magbugbɔ dziƒo me ahe, maɖo anyigba gome anyi, eye magblɔ na Zion be: Nye dukɔ nènye.


Mawu ƒe du, nya nyui wogblɔ de ŋuwò. Sela.


Yehowa Zebaot, wò nɔƒewo sɔe nam loo!


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


Eye Yosua gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Mawu gbagbe le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xiwitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyã ge da le mia ŋgɔ vavã.


Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


Oo, ɖe dzi sia tɔgbe anɔ wo si, ne woavɔ̃m, eye wòalé nye seawo katã me ɖe asi ɣesiaɣi, bena wòanye na wo kple wo viwo!


Enye ŋɔdzinu, ne amea ɖe ge ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,


elabena woa ŋutɔwo gblɔa nya fiana le mía ŋuti, vava, si ƒomevi me mieva mia gbɔ le, kple alesi mietrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena miasubɔ Mawu gbagbe vavãtɔ la,


eye nenema ke woaxɔ Israel blibo la ɖe agbe, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ɖela la atso Zion, eye wòava aɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖa tso Yakob gbɔ:


eye wòava me bena, afisi ke wogblɔ na wo bena: Menye ye dukɔ míenye o la, gama ke woayɔ wo le bena: Mawu gbagbe viwo.“


eɖanye anyigba o, elabena eƒe afɔɖodzinue; eɖanye Yerusalem o, elabena ɖia gã la ƒe ɖue.


Eye aleke woahaɖo eŋu na dukɔwo ƒe ame dɔdɔwo ma? Yehowa tso Zion, eye eyae eƒe dukɔ ƒe hiãtɔwo asi atso.


Mi to tame tsutsuẽwo, nukaŋuti miele to, si Mawu di be, yeatsɔ awɔ ye nɔƒee la, kpɔm ɖe ƒomevii? E, Yehowa anɔ afima tegbee!


Eye Simon Petro xa edzi gblɔ bena: Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!


Alesi zinɔ ƒe veme ƒuna ɖe tɔʋu ŋu la, nenema nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò, Mawu!


Du akpe ɣleti, eye ɣe ƒe mo atsi dã, elabena Yehowa Zebaot ɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye atsyɔ̃ɖoɖo le eƒe ame tsitsiwo ŋku me.


Eye woava me be, woaku kpẽ gã la, eye amesiwo bu ɖe Asur-nyigba dzi kple amesiwo wonyã de gbe ɖe Egipte-nyigba dzi la, ava ado gbe ɖa le Yehowa ŋku me le to kokoe la dzi le Yerusalem.


ekema fiawo kple amegãwo, amesiwo abɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi la, aɖo tasiaɖamwo, eye woaɖo sewo age ɖe du sia ƒe agbowo me, woawo kple woƒe amegãwo. Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa, eye woanɔ du sia me tegbee.


Eyata azɔ míeganye ame tutɔwo kple amedzrowo o, ke boŋ míenye ame kɔkɔewo ƒe hadumeviwo kple Mawu ƒe aƒemetɔwo,


Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Ke azɔ la denyigba, si nyo wu la, le wo dzrom, esia nye dziƒo tɔ. Eyata ŋu mekpe Mawu le wo ŋuti be, wòyɔe be woƒe Mawu o; elabena edzra du ɖo na wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite