Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 12:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 eye ale ɖeɖetia la nye ŋɔdzinu gã ŋutɔ bena, Mose gblɔ be: Mele vɔvɔ̃m, eye mele dzodzom nyanyanya. —

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Nukpɔkpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose gblɔ be, “Mele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃.”

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 12:21
9 Referans Kwoze  

Eye le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi kanya la dzi de asi gbeɖeɖe me, eye wòle dzo kem; alilikpo dodoa ɖe va tsyɔ to la dzi, eye kpẽwo le ɖiɖim sesĩe ŋutɔ. Tete dukɔ blibo, si le asaɖa me la, de asi dzodzo me nyanyanya.


Elabena dziku kple dɔmedzoe, si Yehowa do ɖe mia ŋu, be yeatsrɔ̃ mi la, dzi ŋɔ nam; eye Yehowa se nye gbe ɣemaɣi hã.


Eye kpẽawo nu le sesẽm ɖe dzi. Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo ŋu nɛ kple gbe sesẽ.


Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ


Nye lãme lulu le wò ŋɔdzi ta, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃ tso dzika ƒo nam.


Aleke nye aƒetɔ ƒe dɔla ate ŋu aƒo nu kple ame abe wo, nye aƒetɔ, ene? Elabena azɔ ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye gbɔgbɔa ɖeke megale menye o.


Eye nye ɖeka ko mesusɔ ɖi hafi kpɔ ŋutega gã sia, ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo ƒe nyonyome trɔ ɖe ƒomevii, eye ŋusẽa ɖeke menɔ ŋunye o.


ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite