Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 12:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Elabena menye to, si ŋu woate ŋu aka asii kple dzo bibi kple alilikpo dodo kple viviti kple ahom

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Menye to si ŋuti womate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 12:18
11 Referans Kwoze  

Tete miete va, eye mietsi tre ɖe to la te, eye dzo de dzi le to la ŋu ɖase dziƒo ke, alilikpo do, eye viviti tsyɔ.


Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na Israel-viwo le toa tame abe dzobibi ene.


Esi dukɔ blibo la se dziɖegbe kple kpẽawo ƒe ɖiɖi, eye wokpɔ dzikedzo kple alesi toa le dzudzɔ tumi la, dukɔ la dzo nyanyanya, eye wotsi tre ɖe adzɔge ke.


Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.


Elabena ne ŋutikɔkɔe li na fɔbubu ƒe subɔsubɔdɔ la, ekema dzɔdzɔenyenye ƒe subɔsubɔdɔ gbã go geɖe wu le ŋutikɔkɔe me.


Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe mia dzi o, elabena miegale se la te o, ke boŋ amenuveve la te miele.


Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!


eye menɔ mia kple Yehowa dome ɣemaɣi, bena magblɔ Yehowa ƒe nyawo na mi, elabena miele dzo lã vɔ̃m, eye mieha to la o. Eye wògblɔ bena:


Ke ne ku ƒe subɔsubɔdɔ, si le agbalẽŋlɔdzesiwo me, si woŋlɔ ɖe kpewo dzi la, kpɔ ŋutikɔkɔe ale gbegbe bena Israel-viwo mete ŋu lé ŋku ɖe Mose ƒe ŋku me le eƒe ŋku me ŋutikɔkɔe, si nu tsi la ŋuti o la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite