Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 12:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Woamawo he to na mí ŋkeke ʋeea ɖewo ko, le alesi wobu be, enyo la nu, ke eya la hea to na mí le miaƒe nyonyo ta, bene míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene, gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 12:10
17 Referans Kwoze  

nusiawo me woto tsɔ ŋugbedodo xɔasi gãtɔwo ke mí, bene miato esiawo me azu Mawu ƒe dzɔdzɔme gomekpɔlawo, ne miesi tso nudzodzrowo ƒe gbegblẽ, si le xexe sia me la gbɔ:


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Ƒo nu kple Israel ƒe ha blibo la, eye nagblɔ na wo bena: Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.


ke azɔ la elé avu le mia kplii dome le eƒe anyigba dzi ŋutilã la me to ku me, bene woatsɔ mi aɖo kɔkɔetɔwo kple mokaka manɔŋutɔwo kpakple fɔmabumabutɔwo le eƒe ŋku me,


eye mido ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.


Ke nye la makpɔ wò mo le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ la, wò nɔnɔme aɖi ƒo nam.


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Yehowa, menyae be, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe, eye nèbɔbɔm ɖe anyi le nyateƒe la me.


Elabena mewɔa fu ame, eye medoa nuxaxa na amegbetɔviwo le dzidzɔ teƒe o.


Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


Esi Naomi srɔ̃ Elimelex ku, eye eya kple viaŋutsu eveawo kpɔtɔ la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite