Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 11:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 ke ame bubuwo la woto fewuɖuɖu kple ƒoƒo ƒe dodokpɔ me, ke gawu la bablawo kple gaxɔ me nɔnɔ me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

36 Woɖu fewu le ame aɖewo ŋu, woƒo ɖewo kple atam, ke wode ga bubuwo, eye wode wo gaxɔ me.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 11:36
45 Referans Kwoze  

Pasxur ƒo nyagblɔɖila Yeremya, eye wòbɔ pãe ɖe Benyamin-gbo dzigbeta, si le Yehowa ƒe aƒe ŋu la nu.


Eye Yosef ƒe aƒetɔ lée de gaxɔ, si me fia ƒe gatɔwo nɔna la me, eye wònɔ afima le gaxɔa me.


Esi duxɔlawo tsa tso du me yi du me le Efrayim-nyigba kple Manase-nyigba dzi vaseɖe Zebulon la, woko wo heɖe alɔme le wo ŋu,


Elabena gatɔwo hã ƒe nu wɔ nublanui na mi, eye miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo.


Eyaŋuti kpɔ ɖa, mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo dɔm ɖe mia gbɔ; miawu wo dometɔa ɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔa ɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me,


Yehowa, eƒo nya ɖe nunye, eye melɔ̃ neƒoe ɖe nunye, èlèm sesẽ, eye nèkpe le dzinye; mezu alɔmeɖenu ŋkeke blibo la, eye wo katã wole koyem.


Tete dzi ku Asa ɖe nukpɔla la ŋu, eye wòtsɔe de gaxɔ me, elabena dɔme vee ɖe eŋu te nya la ta. Eye Asa sẽ ŋuta le dukɔ la dometɔa ɖewo ŋu ɣemaɣi.


Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!


nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebu mawunya la o.


Aƒetɔ la nakpɔ nublanui na Onesiforo ƒe aƒe la; elabena ena nye dzi gbɔ ɖe eme enuenu, eye ŋu mekpenɛ le nye kɔsɔkɔsɔwo ŋuti o;


Azɔ la nye amesi nye gatɔ le Aƒetɔ la me la, mele nu xlɔ̃m mi bena, miazɔ alesi dze mia yɔyɔ, si wotsɔ yɔ mi la


Ke le ƒe eve megbe la Porkio Festo va nɔ Felike teƒe; eye esi Felike le didim be, yeave Yudatɔwo nu la, egblẽ Paulo ɖe ga me.


Tete aʋafia gã la te ɖe wo ŋu, eve wòlée, eye wòde se be, woablae kple kɔsɔkɔsɔ eve; eye wòbia amesi wònye kple nusi wòwɔ.


Ke Saul gblẽ hame la hegena ɖe aƒewo me, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo yi ɖadea gaxɔ me.


Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo.


Eye woɖo asi apostoloawo dzi, eye wode wo dua me gaxɔ me.


Eye woɖo asiwo wo dzi, eye wode wo gaxɔ me, vaseɖe ŋu ke; elabena fiẽ ɖo hafi.


Eye asrafo, siwo va egbɔ, be woatsɔ aha tsitsi nɛ la, hã ɖu fewu le eŋuti


Ke Herodes kple eƒe asrafowo ɖo vloe, eye woɖu fewu le eŋu, eye esi wodo aklalabiɖibiɖiwu nɛ la, egbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.


Elabena woadee asi na trɔ̃subɔlawo, eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖo vloe, eye woaɖe ta ɖe eŋu;


eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖe ta ɖe eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.


Tete wòɖe asi le Baraba ŋu na wo; ke Yesu la, eƒoe kple atam, eye woɖee asi, bena woakpe de ati ŋuti.


Ke agbledelawo lé eƒe dolawo, woƒo ame ɖeka, wowu ame ɖeka, eye woƒu kpe ame ɖeka.


eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo, bena woaɖu fewu le eŋuti, eye woaƒoe kple atam, eye woahee ɖe ati ŋuti; eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre?


Ke Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, vaseɖe gbesigbe wòxɔ Yerusalem.


Eyata yi naɖaxlẽ agbalẽ sia, Yehowa ƒe nya, siwo neŋlɔ tso nunye me la, ɖe dukɔ la ƒe to me le Yehowa ƒe me le nutsidɔgbe, eye naxlẽe ɖe Yuda blibo, si tso woƒe duwo me va la hã ƒe to me.


Yehowa tsɔ wò ɖo nunɔla ɖe nunɔla Yoyada teƒe, ne nanye dzikpɔla le Yehowa ƒe aƒe la me ɖe amesiame, si ƒe tagbɔ gblẽ, wòle nya gblɔm ɖi la nu, eye nadee kunyowu kple ga me.


Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.


Eye wòdzo tso afima heyi Betel. Esi wòle mɔ dzi le to liam la, ŋutsuvi suea ɖewo ɖo tso dua me, eye wole alɔme ɖem le eŋu le gbɔgblɔm bena: Tabebetɔ, lia va, tabebetɔ, lia va!


eye migblɔ bena: Ale fia la gblɔ esi: Mitsɔ amesia de gaxɔ me, eye mina abolo viaɖe koe wòaɖu kple tsi viaɖe koe, vaseɖe esime magbɔ le ŋutifafa me.


Tete Zedekiya, Kenaana vi, te va ƒo to me na Mixa gblɔ bena: Afika Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le gbɔnye yi hafi ƒo nu kpli wò?


Esi wole dzidzɔ kpɔm la, wogblɔ be: Miɖayɔ Simson vɛ, ne wòado nukokoe na mi! Tete woyi ɖakplɔ Simson tso gaxɔ me vɛ wòle nukokoe dom na wo, eye wokplɔe ɖo sɔti eve domee.


Esiaŋuti la nye Paulo, Yesu Kristo ƒe gatɔ le mi trɔ̃subɔlawo ŋuti la,


Tete tɔnyeɖia vi Xanameel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye wògblɔ nam bena: Xɔ nye agble, si le Anatot le Benyamin-nyigba dzi la ƒle, elabena tɔwòe nye domenyinyi la, eye exɔxɔ la, wò nya wònye; xɔe ƒle. Eye medze sii bena, Yehowa ƒe nya wònye.


Esi Yeremya le ga me le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la, Yehowa ƒe gbe va nɛ bena:


eye migblɔ bena: Ale fia la gblɔ esi: Mitsɔ amesia de gaxɔ me, eye mina abolo via ɖe koe wòaɖu kple tsi via ɖe koe, vaseɖe esime matrɔ agbɔ le ŋutifafa me.


Dukɔ la ƒe ame nyanuwo afia nunya ame geɖewo; eye woatsi yi, dzo, gaxɔ kple nuxaxa si me eteƒe nadidi ʋee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite