Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 11:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 amesiwo ɖu fiaɖuƒewo dzi to xɔse me, wowɔ dzɔdzɔenyenyedɔwo, woxɔ ŋugbedodowo, womiã nu na dzatawo,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 ame siwo to xɔse me xɔ fiaɖuƒewo, ɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye woƒe asi su nu si ƒe ŋugbe wodo la dzi. Ame siawo de ga nu na dzatawo,

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 11:33
26 Referans Kwoze  

Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la.


Ke Abraham la wogblɔ ŋugbedodowo na eya kple eƒe ƒome; womegblɔ be: „Kple ƒomeawo“ abe ame geɖe ene o, ke abe ame ɖeka ene boŋ: „Kple wò ƒome,“ si nye Kristo.


Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


Le xɔse me Abraham tso Isak na, esime wotee kpɔ, eye eya, amesi xɔ ŋugbedodo la, tso eƒe tenuvi na,


Ke Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu, eye trɔ̃subɔlawo katã nasee, eye wòɖem le dzata ƒe nu me.


wò, amesi na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wò dɔla Dawid tso yi gblẽnu la nu.


Azɔ dzata kple ƒli dzi, eye enya avuzi le dzatavi kple ʋɔ driba dzi.


Ke esi Ehud ku la, Israel viwo gade asi nusi medze Yehowa ŋu o la wɔwɔ me.


Woɖo ŋu bena: Mèsẽ ŋuta le amea ɖeke ŋu o, mate amea ɖeke ɖe anyi o, eye mèxɔa naneke le amea ɖeke si o.


Ale Dawid ɖu fia de Israel blibo la dzi, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple afiatsotso le Dawid si me hena Israel blibo la.


Lé dzi de ƒo, eye na míasẽ ŋu na míaƒe dukɔ kple mía Mawu ƒe du la; eye Yehowa awɔ nusi dze eŋu!


Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.


Ke amea ɖe lagblɔ bena: Wò la xɔse le asiwò, eye nye la dɔwɔwɔwo le asinye. Fia wò xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ lam, eye nye hã mafia nye xɔse wò to nye dɔwɔwɔwo me.


Esi wòyi la, ekpɔ eƒe kukua le mɔ dzi, eye tedzia kple dzata la tsi tre ɖe ame kuku la gbɔ; dzata la meɖu ame kuku la o, eye mevuvu tedzi la hã o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite