Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 11:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Le xɔse me míedze sii be, wotsɔ Mawu ƒe nya dzra xexeame ɖo, bena nusiwo wokpɔna la, metso nusiwo dzena le ŋku me la me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe, eye xexea me va dzɔ, ale be wòwɔ nu si wokpɔna la tso nu si womekpɔna o la me.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 11:3
17 Referans Kwoze  

Yehowa ƒe nye wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe nu me gbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋu nuwo katàe.


Elabena ɖe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu;


Wowɔ nuwo katã to eyama dzi, eye eya manɔme la womewɔa naneke, si wowɔna o.


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo“ le Mawu, si dzi nèxɔ se ƒe ŋku me, amesi gagbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nusiwo meli o, abe nusiwo li la ene;


Mawu, si wo xexeame kple nusiwo katã le eme la, eya, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o;


Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.


amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame,


Ale miagblɔ na wo enye si: Mawu, siwo mewo dziƒoa kple anyigba o la, wo nu ayi tso anyigba dzi kple dziƒo te.


Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.


Mifɔ mo dzi, ne míakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo ɖoa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔa ɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la I nu.


Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;


Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eya nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ.


Elabena eƒo nu, eye wòva me; ede se, eye wòɖo di.


ke boŋ míegblɔa Mawu ƒe nunya, si le ɣaɣla la, le nya ɣaɣla me, nunya, si Mawu ɖo anyi, hafi woɖo xexeme gome anyi hena miaƒe ŋutikɔkɔe la,


elabena wokɔ eŋuti to Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa me.


eye woɖo Mawu ƒe nyanyuie kple xexeme, si le vava ge ƒe ŋusẽwo kpɔ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite