Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 11:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Le xɔse me wògblẽ Egipte ɖi, eye meva fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 To xɔse me Mose dzo le Egipte, eye mevɔ̃ na fia la ƒe dziku o, ke boŋ edo vevi nu, elabena ekpɔ eya ame si womekpɔna kple ŋku o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 11:27
27 Referans Kwoze  

Le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple nunɔlawo le anyigba la dzi.


esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.


Ke xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.


Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dometɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.


Emegbe ŋutiwò me siawo katã ava gbɔnye, eye woade ta agu nam agblɔ bena: Wò ŋutɔ kple amesiwo katã le ŋuwò la, miyi! Emegbe hafi madzo Eye wòdzo le Farao gbɔ kple dziku gã ŋutɔ.


Eye Yehowa gblɔ na Mose le Midian bena: Tso, gbugbɔ yi ɖe Egipte, elabena amesiwo katã le didim be, yewoatsrɔ̃ wò agbe la, woku.


amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye,


Ke miɖo ŋu tsã ŋkeke, siwo me miedo dzi le heʋli geɖe le fukpekpewo me, le esime woklẽ ɖe mia me megbe la;


Ke fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃ la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mave me! Amen.


Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.


Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.


Ale mianɔ hafi aɖui enye si. Mibla miaƒe aliwo dzi, eye mido atokotawo de afɔ; milé atizɔtiwo ɖe asi, eye miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe ŋutilotoŋkekenyuie ve.


Eye esi wòdo dzi gbɔ dzi ɖi blewu la, eƒe asi su ŋugbedodo la dzi.


amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.


Elabena Dawid gblɔ le eŋuti bena: „Mekpɔa Aƒetɔ la le ŋkunye me ɖaa, elabena ele nye nuɖusi me, be ke maɖe le tenye o.


Eye amewo katã wòalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.


eye ke meli na wo o, eye wonɔa anyi ʋee ko; ke ne fukpekpe kple yometiti va le nya la ŋuti la, enumake wozua nuɖiaɖia na wo.


Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lãkpɔ ɖeɖe.


Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunye me ɖaa; ne ele nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o.


Eye Israel-viwo katã wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose kple Aron ene; nenema wowɔ.


amesi nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite