Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 11:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Le xɔse me, esime wodzi Mose la, eƒe dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃; elabena wokpɔ be, enye vi dzeɖekɛ, eye womevɔ̃ fia ƒe sedede o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 To xɔse me Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ le edzidzi vɔ megbe, elabena wokpɔe dze sii be menye vidzĩ dzodzro aɖe koe wònye o, eya ta womevɔ̃ na fia la ƒe se dzi dada o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 11:23
16 Referans Kwoze  

Emegbe Farao de se na eƒe dukɔ la katã bena: Ne Hebritɔwo dzi ŋutsuvi la, ekema mitsɔe ƒu gbe ɖe Nil-tɔsisi la me, ke mina nyɔnuviwo katã nanɔ agbe.


Ne miele vi xem na Hebri-nyɔnua ɖe, eye miekpɔ le viadziƒe bena, ŋutsuvie la, ekema miawui, ke nenye nyɔnuvi la, ekema mina wòanɔ agbe!


Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Le ɣemaɣi me la wodzi Mose, eye wòdze ɖeka le Mawu ƒe ŋku me, eye wònyii te fofoa ƒe me ɣleti etɔ̃ sɔŋ:


Wò, nyẽvi Yakob, wò, ha sue Israel, megavɔ̃ o! Makpe ɖe ŋuwò, Yehowa ye gblɔe; wò xɔnametɔ enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la.


Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?


Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o!


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Ne vɔvɔ̃ ɖom la, meɖoa ŋu ɖe ŋuwò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite