Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 10:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 elabena nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 10:4
19 Referans Kwoze  

Eye nunɔla sia nunɔla nɔa tsitre gbesiagbe henɔa Mawu subɔm, eye wònɔa vɔsa mawo ke, siwo mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o la, tsɔm nɔa nanam agbadre;


Eye mienyae bena, eyama ɖe eɖokui fia, bene yeatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ayii, eye nuvɔ̃a ɖeke mele eya me o.


eye esiae nye nubabla, si le mía kpli wo dome, ne maɖe woƒe nuvɔ̃wo ɖa la.“


Esi wògblɔ be: „Vɔsawo kple nunanawo kple numeme blibowo kple nuvɔ̃vɔsawo“ — siwo wotsɔna vanɛ le sea nu la — „mèdi wo o, eye womenyo ŋuwò hã o,“


esi nye lododo na ɣeyiɣi, si gali fifi, esi me wotsoa nunana kple vɔsasa, siwo mate ŋu awɔ amesiwo le Mawu subɔm la blibo le dzitsinya nu o la, nana lena;


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kple luʋɔ blibo kple ŋusẽ blibo, eye be woalɔ̃ ame havi abe ame ŋutɔ ɖokui ene la, le wu numemewo kple vɔsasawo katã.


Elabena lɔlɔ ƒe nu dze ŋunyie vu akpeɖavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa.


Mawu, nye xɔname ƒe Mawu, ɖem tso hlɔ̃fe me, ekema nye aɖe atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti!


Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Nuka dzudzɔʋeʋẽedonu tso Saba kple gbekee xɔasi tso didiƒenyigba dzinye nam? Miaƒe numevɔsawo medzea ŋunye o, eye miaƒe akpedavɔsawo mevivina nam o.


Amesi wu nyitsu la, sɔ kple amesi wu ame, amesi tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple amesi tro kɔ le avũ nu, amesi sa nuɖuvɔ la, sɔ kple amesi tsɔ haʋu sa vɔe, amesi do dzudzɔ ʋeʋẽe la, sɔ kple amesi kafua trɔwo. Alesi amesiawo ɖaa woawo ŋutɔ ƒe mɔ, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le woƒe ŋunyɔnuwo ŋu la,


Elabena esi wònye nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli koe li na se la, eye menye nuawo ƒe nɔnɔme vavã o ŋuti la, eyata ƒe sia ƒe vɔsasa, siwo wotsɔna nana ɖaasi la, mate ŋu awɔ amesiwo tena va egbɔ la, blibo gbeɖegbeɖe o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite