Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 10:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eyata migatsɔ miaƒe dzideƒo, si teƒeɖoɖofetu gã li na la, ƒu gbe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o, elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na mi.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 10:35
15 Referans Kwoze  

Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


ke Kristo la nye nuteƒewɔla abe Vi ene le eƒe aƒe dzi; amesi ƒe aƒe míawo míenye, nenye be, mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.


eye nazu yayrame, esi naneke mele wo si be, woaɖo eteƒe na wò o ŋuti; ke woaɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me.


eye wobu ŋukpe, si wodo Kristo la, kesinɔnu wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo; elabena ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa.


Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.


Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe.


Elabena míezu Kristo ƒe gomekpɔlawo, nenye be, míalé miaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu la.


Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me;


Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.


Wovena wu sika kple sika nyuitɔ geɖe, eye wovivina wu anyitsi kple anyiɖaɖa.


Elabena ne nya, si wogblɔ ɖi to mawudɔlawo dzi la, li dzi sesĩe, eye vodada sia vodada kple tosesẽ sia tosesẽ kpɔ eŋuti fetu vɔ̃, si dze la,


amesi me miekpɔ dzideƒo kple mɔnu le dziɖoɖo ɖe eŋu me to eyama dzixɔxɔse me.


Azɔ, nɔviwo, esi dzideƒo le mía si, be míayi ɖe kɔkɔeƒe la me to Yesu ƒe ʋu la me,


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite