Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 10:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 eye wotsɔ ŋukpedodowo kple xaxawo wɔmi du ƒe nukpɔkpɔ, eye míezu amesiwo wowɔ nenema ke la ƒe hadelawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Ɣe aɖewo ɣi la wodzua mi le dutoƒo, eye wotia mia yome, ɣe bubu ɣiwo la, mienɔ te kpe ɖe ame siwo nɔ xaxa mawo ke me la ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 10:33
19 Referans Kwoze  

Elabena mele susum bena, Mawu tsɔ mí apostolowo wɔ mamletɔwo, abe amesiwo woɖo anyi na ku ene, elabena míezu nukpɔkpɔ na xexeame kple mawuɖɔlawo kple amewo siaa.


Gake la miewɔe nyuie be, miexɔ nam le nye xaxa me.


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


ke ame bubuwo la woto fewuɖuɖu kple ƒoƒo ƒe dodokpɔ me, ke gawu la bablawo kple gaxɔ me nɔnɔ me;


Elabena miawo, nɔviwo, miezu Mawu hame, siwo le Yudea le Kristo Yesu me la, srɔ̃lawo; elabena miawo hã míekpe fu mawo ke tso mia ŋutɔwo mia dumeviwo gbɔ, abe alesi woawo hã wokpee tso Yudatɔwo gbɔ la ene;


Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o!


Mawu, tso, nawɔ wò aʋa! Ɖo ŋu alɔme, si bometsilawo le ɖeɖem le ŋuwò atraɖi la!


Azɔ la, minɛ míado go ayi ɖe egbɔ le asaɖa godo atso eƒe ŋukpe aɖo mía ɖokui dzi.


eye wobu ŋukpe, si wodo Kristo la, kesinɔnu wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo; elabena ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa.


Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu,


Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.


Wò nunɔlagã Yosua kple xɔ̃wò, siwo bɔbɔ nɔ gbɔwò la, misee; elabena ŋutsu, slwò nye kpɔdzidze la wonye. Elabena mele nana ge nye dɔla Zemax nava.


Matsɔ nu nyɔŋuwo axlã ɖe wò, maɖi gbɔ wò, eye matsɔ wò aɖo kpɔdzidzee.


Aƒetɔ, ɖo ŋu wò dɔla ƒe vlodoame, siwo katã metsɔ ɖe akɔnu tso dukɔ geɖewo gbɔ,


Oo, Aƒetɔ, ɖo míaƒe aƒelikawo ƒe vlo, si wodo wò la, teƒe ɖe akɔnu na wo zi adre!


Nuku menye na ame geɖewo, ke wòe nye nye sitsoƒe sesẽ.


Mezu amedzro na nɔvinyeŋutsuwo, kple ame manyamanya na danyeviwo.


Le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ me la miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite