Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 10:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Ke miɖo ŋu tsã ŋkeke, siwo me miedo dzi le heʋli geɖe le fukpekpewo me, le esime woklẽ ɖe mia me megbe la;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Miɖo ŋku ŋkeke siwo do ŋgɔ la dzi esi miexɔ kekeli la vɔ la, mienɔ te sesĩe to ʋiʋli geɖewo me, mieto fukpekpe hã me kalẽtɔe.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 10:32
18 Referans Kwoze  

Elabena amesiwo me woklẽ ɖo kpɔ, eye woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wozu Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe gomekpɔlawo,


Le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ me la miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o;


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.


Gake nusi dzi miesu xoxo la, minɛ míazɔ ɖe mo ma ke nu, eye míaƒe tamesusu nana ɖeka.


Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.


Elabena mele didim be, mianya alesi meʋlina ŋutɔ le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple ame alesi nu mekpɔ ŋkunye me le ŋutilã me o la ta,


Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe, ne mètrɔ le wò dzi me o.


elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Dzi nedzo mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!


Elabena ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu; gake egahiã mí be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi, eye míezu abe amesiwo gahiã notsi ko, eye menye nuɖuɖu sesẽ o la ene.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite