Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpɔ bena: „Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui“ mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò”?

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 1:13
16 Referans Kwoze  

Dawid ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò fulɔwo awɔ wò afɔɖodzinu!


Dawid ŋutɔ gblɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me bena: Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matso wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.


„Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò ketɔwo aɖe wò afɔ te.“


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


Mata ŋukpe na eƒe futɔwo, ke eƒe fiakuku aklẽ le ta nɛ.


Ke eya la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la vɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


Elabena Dawid ŋutɔ gblɔ le Psalmo ƒe agbalẽ me bena: Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: „Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me,


Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Gake nye ketɔ ma, siwo melɔ̃ be, maɖu fia ɖe wo dzi o la, atikplɔ wo va afii, eye miwu wo le ŋkunye me.


Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, Yosua yɔ Israel-ŋutsuwo katã, eye wògblɔ na aʋakɔ la kplɔlawo, amesiwo ɖe aʋa la kplii bena: Mile va, eye miɖo afɔ ve dzi na fia siawo! Tete wote va, eye woɖo afɔ ve dzi na wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite