8 Tɔnyee nye klosalo, eye tɔnyee nye sika, Yehowa Zebaot ye gblɔe!
8 ‘Klosalo la tɔnyee, eye sika hã tɔnyee.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo.
Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matso ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.
Woahe Libanon ƒe atsyɔ̃, sesewu, fɔfɔli kple kpomi siaa vɛ na wò, ne natsɔ aɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe ƒe nɔƒe, eye nade bubu nye afɔ nɔƒe ŋu.
Ameka tre nu nanam, ne maɖo eteƒe nɛ? Nusiwo le dziƒo blibo la te la, tɔnye wonye.