Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 2:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la matsɔ wò, nye ɖɔla Zerubabel, Sealtiel vi, awɔ ŋkɔsigee; elabena wòe metia, Yehowa Zebaot ye gblɔe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “ ‘Le ŋkeke ma dzi la, matsɔ wò, nye dɔla Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, Yehowae gblɔe eye mawɔ wò nye ŋkɔsigɛe elabena metia wò.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”

Gade chapit la Kopi




Hagai 2:23
12 Referans Kwoze  

Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasetɔwo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawua ɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o.


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


Yehowa be: Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ɖe wònye ŋkosigɛ nye Yuda-fia Xonya, Yoyakim vi la, le nye ɖusi la, anye ne maɖee aƒu gbe tso gama,


Tsɔm wɔ ŋkɔslgɛ ɖe wò dzi ŋu kple ŋkɔsigɛ de wò asi! Elabena lɔlɔ̃ tri akɔ wu ku, eye ŋuʋaʋã se wu tsleƒe, eƒe bibi le abe dzo ƒe bibi ene, Yehowa ƒe dzoƒade wònye!


Amesi gbɔ mieva wònye kpe gbagbe, si amewo gbe; gake le Mawu gbɔ la enye nu tiatia kple nusi xɔ asi sesẽ,


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


„Kpɔ ɖa, ye dɔla, si metia; ye blɔtɔ, amesi dzea ye luʋɔ ŋu la; matsɔ ye Gbɔgbɔ la ada ɖe eyama dzi, eye wòaka ʋɔnudɔdrɔ̃ ta na dukɔawo.


Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ɖe nye asi ŋu, wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.


Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò ate me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite