Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 2:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 De nukuwo tsi ava mea, eye ɖe wein kple gboti, yevuboɖati kple amiti wogbe tsetsea? Made yayra aƒe tso ŋkeke ma dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Ɖe nuku siwo woƒãna la ƒe ɖewo ganɔ ava mea? Va se ɖe fifia la, wainka, gboti, yevuboɖati kple amiti metse ku haɖe o. “ ‘Gake tso egbeŋkeke sia dzi la, mayra mi.’ ”

Gade chapit la Kopi




Hagai 2:19
19 Referans Kwoze  

Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Elabena ɣe kple akpoxɔnu enye Yehowa Mawu; Yehowa na amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.


ke boŋ nae faa, eye megave wò, bena nènae o, elabena esia ta Yehowa, wò Mawu, yra wò le wò dɔwɔwɔwo katã kple nusiwo nèwɔ dɔ kpɔ la me.


Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae.


Ele abe Xermon-zãmu, si le tsyɔtsyɔm ɖe Zion-towo dzi la ene; elabena gama Yehowa ɖo yayra kple agbee tegbee.


Woava atso aseye le Zion ƒe togbɛ dzi, eye woanye zi ɖe Yehowa ƒe nu nyuiwo dzi, ɖe lu, wein kple ami, alẽviwo kple nyiwo dzi, woƒe luʋɔ anɔ abe abɔ, si wode tsii ene, eye nu magati kɔ na wo azɔ o.


matsɔ ami aɖi ƒo na nunɔlawo, eye maɖi ƒo na nye dukɔ la kple nye nu nyuiwo, Yehowa ye gblɔe.


Weinka ku, eye gboti yrɔ, yevuboɖatiwo ƒu, keke detiwo kple atɔtɔŋutitiwo kpakple agblemetiwo katã ke hã; dzidzɔkpɔkpɔ nu tso, le amegbetɔviwo dome.


Amea ɖe menya nu o, avee, eye wòatrɔ adzo ahagblẽ yayra ɖe megbe, ne woatsɔ asa nuɖuvɔ kple nunovɔ na Yehowa, mia Mawu la.


Yehowa akplɔ kpetri, kpokpo, asrã kple ŋuɖuɖui kpakple kuɖiɖi aƒu wò, wò bli adze heteku, eye wò nukuwo ahlɔ̃; woanɔ ŋuwò vaseɖe esime natsrɔ̃ avɔ.


Ɖe naɖo dzi ɖe eŋu be, atsɔ wò agblemenuwo ava aƒee, eye wòaƒo wo nu ƒu ɖe wò ava mea?


eyata meyɔ kuɖiɖi ɖe anyigba kple towo ŋu, ɖe bli, aha yeye kple ami ŋu, ɖe nusiwo miena tsoa anyigba me la ŋu, ɖe amegbetɔwo kple lãwo kpakple dɔ, siwo katã wotsɔa asi wɔne la ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite