Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 2:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Mehe to na mi ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã ŋu, ale be miaƒe bliwo hlɔ̃, eye wodze heteku, eye dzikpewo dza; gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Meda tohehe ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã dzi kple ŋɔviwo, ale miaƒe bli gblẽ le agble dzi eye tsikpe dza ɖe miaƒe nukuwo dzi gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye.’ Yehowae gblɔe.

Gade chapit la Kopi




Hagai 2:17
32 Referans Kwoze  

Yehowa akplɔ kpetri, kpokpo, asrã kple ŋuɖuɖui kpakple kuɖiɖi aƒu wò, wò bli adze heteku, eye wò nukuwo ahlɔ̃; woanɔ ŋuwò vaseɖe esime natsrɔ̃ avɔ.


eyata meyɔ kuɖiɖi ɖe anyigba kple towo ŋu, ɖe bli, aha yeye kple ami ŋu, ɖe nusiwo miena tsoa anyigba me la ŋu, ɖe amegbetɔwo kple lãwo kpakple dɔ, siwo katã wotsɔa asi wɔne la ŋu.


Miele nu geɖe sinu kpɔm, gake mesɔ gbɔ o; miehe nu va aƒee, ke meɖo ƒuƒu ɖee. Yehowa be: Nuka tae ma? Le esi nye xɔ nye glikpo li, ke miawo mia dome amesiame le duɖime kem le eƒe xɔtutu me la tae!


Ne dɔwuame va anyigba dzi, eɖanye dɔvɔ̃ alo bliwo dze heteku o, nukuwo hlɔ̃ alo ʋetsuviwo kple ŋɔwo va o, woƒe futɔwo xaxa wo ɖo ɖe woƒe duwo me le anyigba dzi, fuɖenamea ɖe alo dɔlélea ɖe o;


Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me, gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o.


Medo kuvia miaƒe aɖuwo le miaƒe duwo katã me, eye mena abolokoe wɔ nu le mia nɔƒewo katã; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Ŋukpenamawuwo ɖu mía fofowo ƒe kesinɔnuwo tso míaƒe ɖevime ke: woƒe alẽwo kple nyiwo, woƒe ŋutsuviwo kple nyonuviwo.


Yehowa ta eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ sesẽ. Nyemagatsɔ wò bli na wò futɔwo woaɖu azɔ o, eye du bubu me tɔwo magano wò wein, si ŋu neku kutri ɖo la, azɔ o,


Etrɔ eƒe dziku ƒe dɔmedzoe kple aʋa ƒe ŋusẽ kɔ ɖe wo dzi, eye wòlé dzo bi ƒo xlã wo, ke womedze sii o, efiã wo, ke mede dzi gbɔ na wo o.


wo me nɔlawo ƒe lãme natu, dzi naɖe le wo ƒo, eye ŋu nakpe wo woanɔ abe agble me ma, gbe mumu, xɔtagbe kple bli, si tsi to nu ta ene.


Eye Yehowa tsrɔ̃ la kple asike, deʋaya kple keti ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi.


Etsɔ woƒe numiemiewo na ʋetrawo kple woƒe agblemenuwo na ʋetsuviwo.


Dɔmedzoe le dzi ta na eme vlowo, eye ne ede ga wo la, womeƒoa koko o,


Ke Axaz sia gãwo nu tovo ɖe dzi ɖe Yehowa ŋu le ɣeyiɣi, si me woxaxae ɖo.


Ne dɔwuame va anyigba dzi, eɖanye dɔvɔ̃ alo bliwo dze heteku o, nukuwo hlɔ̃ alo ʋetsuviwo kple ŋɔwo va o, ne woƒe futɔwo xaxa wo ɖe woƒe duwo me le anyigba dzi, eɖanye luɖenamea ɖe alo dɔlélea ɖe o,


Ke esi woɖo dɔƒe, eye wo dometɔ ɖeka tu eƒe kotoku, be yeana nu yeƒe tedzi la, tete wòkpɔ be, yeƒe ga le blia dzi le kotokua me.


Ke womenyae bena, Yosef le esem o, elabena gbesevi le wo dome.


Eye Yosef, si enye anyigba dzi ɖula la, dzra bli na anyigbadzitɔwo katã. Esi Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ la.


Kpɔ ɖa, nu sesẽ kako atso Aƒetɔ ta gbɔ ava abe dzikpe ƒe dzadza kple ahom gblẽnu ene; aƒoe aƒu anyi kple ŋusẽ, abe tsiɖɔɖɔ sesẽ ƒe gbagba ɖe anyi ene.


Aɖu wò ŋutɔ asiwò me nu; woayra wo, tɔwò me nyo.


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Ɣemaɣi la wova lu bablakɔa ɖe, si anye nudotree blave la gbɔ, ke wo ame ewo ko wònɔ; wova weinfiãƒe, be woaku goe blaatɔ̃, gake wo ame blave ko wònɔ.


Mablu ɖe ʋetsuviwo ta na mi, be womagagblẽ miaƒe anyigba dzi nukuwo o, eye weinka magbe tsetse na mi le agble me o; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite