Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 2:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ɣemaɣi la wova lu bablakɔa ɖe, si anye nudotree blave la gbɔ, ke wo ame ewo ko wònɔ; wova weinfiãƒe, be woaku goe blaatɔ̃, gake wo ame blave ko wònɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Tsã la, ne miedzidze bli dzidzenu blaeve da ɖi eye emegbe ne mietrɔ yi ɖadzidzee la dzidzenu ewo ko wòtsina. Nenema ke, le wainfiaƒe, ne miedzidze wain ahago blaatɔ̃ da ɖi la, ahago blaeve ko wòtsina ne miegayi ɖadzidzee.

Gade chapit la Kopi




Hagai 2:16
9 Referans Kwoze  

Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne miegbe toɖoɖo, eye nya mede dzi gbɔ na mi o la, ekema maɖo fiƒode ɖa ɖe mia ŋu, eye matrɔ miaƒe yayra wòazu fiƒode; meƒo fi dee xoxo, elabena nya mede dzi gbɔ na mi o.


Elabena Weingble, si nyi eveve teƒe ewo aŋlɔ gbe ɖeka la, anye bat ɖeka, eye nuku gomer ɖeka anye eta ɖeka.


Dzidzɔ kple aseyetsotso nu tso le agblewo me le Moab-nyigba dzi; metsi wein nu le weinfiãnu me, eye womagafiã wein kple aseyetsotso azɔ o; aseyetsotso maganye aseyetsotso o!


Azɔ minyẽ kɔ kpɔ megbe tso egbe dzi, esi womekpɔ tsɔ kpe ɖo kpe dzi le Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu me haɖe o:


Mehe to na mi ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã ŋu, ale be miaƒe bliwo hlɔ̃, eye wodze heteku, eye dzikpewo dza; gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite